Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 11:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Yehowa gblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔ ɖeka wonye, eye gbe ɖeka le wo katã nu, eye esia nye woƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze ko; azɔ nusianu, si dim wole be, woawɔ la, womado kpoe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 egblɔ be, “Ne woate ŋu awɔ nu siawo katã fifia, esi wònye azɔ koe wodze sii be gbe ɖeka gblɔm yewole, eye dukɔ ɖeka yewonye la, mibu nu si woava wɔ emegbe la ŋu kpɔ! Naneke meli si woado kpo wɔwɔ o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 11:6
12 Mawu Ofanana  

Ke gbe ɖeka kple nuƒoƒo ɖeka ŋugbe le amegbetɔwo katã nu.


Eye Yehowa Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, ame zu sigbe mía dometɔ ɖeka ene, eye wònya nyui kple vɔ. Ke be wòagaɖo asi ɖa agbe agbetia hã ƒe ɖe aɖu, eye wòanɔ agbe ɖoɖoɖo o la,


Eye esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la,


Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.


Noa viŋutsu etɔ̃ siawo me amegbetɔwo katã dzo tso hekaka ɖe anyigba blibo la katã dzi.


Eye wòva me le ɣeɖota be, Eliya ɖe alɔme le wo ŋu gblɔ bena: Miɖo ɣli sesĩe ko, elabena mawue, ɖewohĩ ele ŋugble dem, eɖe kpɔ, alo eyi nugbe, alo ele alɔ dɔm, ne wòanya.


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.


Esi dzinu etɔ̃ susɔ, ne nuŋeɣi naɖo la, mete tsidzadza mi; mena tsi dza, ɖe du ɖeka me, ke nyemena wòdza ɖe evelia me o; tsi dza ɖe agble ɖeka me; ke agble, si me tsi medza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.


Ewɔ nu sesẽ kple eƒe abɔ; ekaka amesiwo ɖo wo ɖokui ɖe dzi le woƒe dzimesusuwo me la me.


eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;


Miyi ɖado ɣli yɔ mawu, siwo mieha, ne woaxɔ na mi le miaƒe xaxaɣiwo me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa