Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 11:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 11:4
17 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.


Eye Dawid ƒe ŋkɔ nyɔ. Esi wògbɔ tso Aramtɔwo siƒe la, ewu Edomtɔ akpe wuienyi le dzeʋe la mea.


Woyi dzi hoo hedze abu me; woƒe luʋɔ lolo gbanaa le xaxa me.


Ke wò la èɖo kpo tegbee, Yehowa.


Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna.


Ne Babel lia dziŋgɔli me, eye eƒe mɔ̃ sesẽwo mele lialia o hã la, nugblẽla atso gbɔnye ava ƒo ɖe edzi, Yehowa ye gblɔe.


hedo ɣli sesĩe gblɔ bena: Milã ati la, eye mitso eƒe alɔwo, mido dzodzo eƒe aŋgbawo, eye mikaka eƒe tsetsewo hlẽ, minyiã gbemelãwo ɖa le ete kple dziƒoxewo ɖa le eƒe alɔwo me!


Woanyã wò da la emegbetɔwo dome, eye ànɔ gbemelãwo gbɔ, woana gbe wò naɖu abe nyitsu ene, eye woana dziƒo zãmu naƒo wò, vaseɖe esime azã adre nu nayi na wò, ne nadze sii be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana.


exɔ edzi gblɔ bena: Ɖe menye esia nye Babel ga, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


Ewɔ nu sesẽ kple eƒe abɔ; ekaka amesiwo ɖo wo ɖokui ɖe dzi le woƒe dzimesusuwo me la me.


Aleke lawɔ miawo miate ŋu axɔ ase, esi miele kafukafu xɔm tso mia nɔewo gbɔ, eye kafukafu ma, si tso Mawu ɖeka gbɔ la, miedia eya o mahã?


Afika gɔ̃ yi ge míala? Mía nɔviwo ɖe dzi le mía ƒo gblɔ bena: Dukɔ la sɔ gbɔ, eye wodzo atsu wu mi, duawo lolo, eye woɖo gli ɖe wo ŋu ɖatɔ dziƒo, eye míekpɔ Enak-viwo hã le afima.


Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye mianɔ ʋee le dukɔ, siwo dome Yehowa nyã mi ɖo la dome.


Israel, see, èle Yordan tso ge egbea, ne nayi aɖanyã dukɔ, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò, eye naxɔ woƒe du, siwo lolo, eye wo ŋu gliwo kɔ ɖatɔ dziƒo la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa