1 Ke gbe ɖeka kple nuƒoƒo ɖeka ŋugbe le amegbetɔwo katã nu.
1 Le ɣe ma ɣi me la, amegbetɔƒome blibo la doa gbe ɖeka ko.
Esia nye Noa viŋutsuwo ƒe ƒomewo le woƒe dzidzimewo kple woƒe dukɔwo nu, eye woawo me anyigba dzi dukɔwo dzɔ tso le tsiɖɔɖɔ la megbe.
Eye wòva me bena, esi wodze mo ɖo ta ɣedzeƒe gome la, wokpɔ gbadzaƒea ɖe le Sinear-nyigba dzi, eye wonɔ afima.
Eye Yehowa gblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔ ɖeka wonye, eye gbe ɖeka le wo katã nu, eye esia nye woƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze ko; azɔ nusianu, si dim wole be, woawɔ la, womado kpoe o.
Le ɣemaɣi la du atɔ̃ anɔ Egipte-nyigba dzi, siwo agblɔ Kanaan-gbe, woaka atam na Yehowa Zebaot, eye woayɔ wo dometɔ ɖeka be dzɔdzɔenyenyedu.
Emegbe makɔ nuyi ŋu na dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔ asubɔe.
Ke esi gbe sia ɖi la, ameha la ƒo zi va kpe ta, eye woƒe nu ku, elabena amesiame se wole ye ŋuta degbe gblɔm.