Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 10:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Yawan viŋutsu wo nye: Elisa, Tarsis, Kititowo kple Dodanitɔwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 10:4
10 Mawu Ofanana  

Amesiawo me dukɔ, siwo nɔa ƒukpowo dzi la, dzɔ tso. Esiawo nye Yafet viŋutsuwo le woƒe anyigbawo, woƒe gbe vovovowo, woƒe ƒomewo kple woƒe dukɔwo nu.


Yawan viwo nye: Elisa, Tarsisa, Kititɔwo kple Rodantɔwo.


Nya ɖe Tiro ŋu: Mi Tarsis-ʋukulawo, mifa avi, elabena etsrɔ̃, aƒea ɖeke megali o, eye tɔtrɔgbɔ megali o! Wosee le Kititɔwo ƒe anyigba dzi.


eye wògblɔ bena: Màgatso aseye o, wò Zidon-ɖetugbi, si wogblẽ; tso, nayi Kititɔwo gbɔ, màkpɔ gbɔdzɔe le gama hã o.


Tarsis tsa asi kpli wò le kesinɔnu gbogboawo katã ta; etsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ƒle wò adzɔnuwoe.


Tarsis-ʋuwo he wò adzɔnuwo vɛ na wò, ale be nu bɔ ɖe asiwò, eye nèkpɔ ho fũ le atsiaƒu titina.


Wotsɔ Basantɔwo ƒe fɔfɔli kpa wò akɔfawoe, eye wofa nyiɖu ɖe mewò hetsakae kple kpomi, si tso Kititɔwo ƒe ƒukpowo dzi.


Egiptetɔwo ƒe aklala, si wolɔ̃ ŋɔŋɔe la, nye wò abala, ne wòanye aflaga na wò, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa-ƒukpowo dzi nye wò agbadɔ.


Elabena Kititɔwo ƒe ʋuwo aho ɖe eŋu, dzi aɖe le eƒo, eye wòatrɔ ahado dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, eye wòawɔe aɖe goe; eye ne etrɔ yi aƒe la, atsɔ ŋku aɖo amesiwo gblẽ nubabla kɔkɔea ɖi la ŋuti.


Ʋuwo atso Kitim, ava bɔbɔ Asur kple Eber ɖe anyi, eye woatsrɔ̃ eya hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa