Esi mekpɔ ɖe nu le eme o le ame bubu va gblɔ bena: Kalɖeatɔwo dze aʋalɔgo etɔ̃ va dze kposɔawo dzi, wole wo, eye wowu ɖɔlaawo kple yi, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be mava gblɔe na wò.
Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.
Mawɔ dzesi ɖe wo ŋu, eye maɖo ame sisiwo ɖa tso wo dome ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis, Pul kple Lud, amesiwo nye aŋutrɔdalawo, ɖe Tubal kple Yawan kpakple ɖe didiƒe ƒukpowo, amesiwo mese ŋkɔnye o, eye womekpɔ nye ŋutikɔkɔe o la gbɔ, eye woaɖe gbe ƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome;
Eye wòdo eƒe numegbe la hegblɔ bena: Balak kplɔm tso Aram, ɣedzeƒetɔwo dzi Moab-fia kplɔm tsoe be: Va naƒo fi de Yakob nam, eye va nado ɖiŋu na Israel nam!