Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 10:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yaƒet viŋutsuwo nye: Gomer, Magog, Madai, Yawan, Tubal, Mesex kple Tiras.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Yafet ƒe viwoe nye: Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 10:2
16 Mawu Ofanana  

Esia nye Noa viŋutsuwo, Sem, Xam kple Yafet ƒe dzidzimeviwo ŋutinya: Le tsiɖɔɖɔ la megbe la wodzi ŋutsuviwo na wo.


Eye wodzi ŋutsuwo na Sem, amesi nye Eber-viwo katã tɔgbui kple Yafet nɔvi xoxoetɔ.


Mawu ana be, Yafet ƒe nɔƒe nakeke ɖe nu, eye wòano Sem ƒe agbadɔwo me; eye Kanaan anye kluvi na wo!


Le Hosea ƒe ƒe asiekelia me la Asur-fia xɔ Samaria, eye wòkplɔ Israel yi Asur hetsɔ wo ɖo Xalax kple Xabor le Gozan-tɔsisi la nu kpakple Media-duwo me.


Baba nam be, medze Mesex gbɔ, eye mele Kedar ƒe agbadɔwo gbɔ!


Mawɔ dzesi ɖe wo ŋu, eye maɖo ame sisiwo ɖa tso wo dome ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis, Pul kple Lud, amesiwo nye aŋutrɔdalawo, ɖe Tubal kple Yawan kpakple ɖe didiƒe ƒukpowo, amesiwo mese ŋkɔnye o, eye womekpɔ nye ŋutikɔkɔe o la gbɔ, eye woaɖe gbe ƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome;


Wotsɔ Usaltɔwo ƒe wein ƒle wò adzɔnuwoe, wotsɔ gayibɔ tete, kotoklobo kple gbekee ɖɔ li wò adzɔnuwoe.


Egiptetɔwo ƒe aklala, si wolɔ̃ ŋɔŋɔe la, nye wò abala, ne wòanye aflaga na wò, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa-ƒukpowo dzi nye wò agbadɔ.


Mesex kple Tubal kpakple woƒe amehawo katã le afima, eye woƒe yɔdowo ɖe to ɖe wo, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi.


àtso nɔwòƒe le anyiehe kekeake ava, eye dukɔ geɖe akpe ɖe ŋuwò, wo katã woanɔ sɔ dzi, ameha gã kple aʋakɔ dranyi wòanye;


Amevi, trɔ mo ɖe Gog ŋu le Magog-nyigba dzi, amesi nye amegã le Ros, Mesex kple Tubal, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu


hekpe ɖe Gomer kple eƒe aʋakɔ blibo la, Togarma ƒe aƒe, si le anyiehe kekeake kple eƒe aʋakɔ blibo la ŋu; du geɖe kpe ɖe ŋuwò.


Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Gog vivi, nu, nagblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gog, kpɔ ɖa, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò amesi nye amegã le Ros, Mesex kple Tubal!


eye wòado go, be wòable dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo amesiwo ƒe xexlẽme nu le abe ƒutake ene la, nu ƒu hena aʋawɔwɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa