Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 1:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Mawu gblɔ be: Alili nenɔ tsia titina, be wòanye dometsonu anɔ tsi kple tsi dome!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 1:6
23 Mawu Ofanana  

Eye Mawu gblɔ be: Nu keklẽwo nado ɖe dziƒolilia ŋu, bena woade vovo ŋkeke kple zã dome, eye woanɔ anyi anye dzesiwo, afia azãgbewo, ŋkekewo kple ƒewo,


Tete Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo neƒu tsi le tsia me, eye xe dzodzoewo nedzo le ya me le dziƒolilia ƒe ŋku me.


Eƒe ƒuƒu na dziŋgɔli me kɔ, eye eƒe asi ƒo nu ɖe ʋɔ dranyi, si le sisim la.


Etsɔa tsi ɖoa agba na alilikpowo, eye eƒe dzikedzo kakaa alilikpowo me,


mi kpakpliie xa dziŋgɔli, si le abe ahuhɔ̃e, si wokɔ ene la gobaa?


Etsyɔa kekeli abe avɔ ene, eye wòkekea dziƒo abe agbadɔvɔ ene.


Mikafui, mí dziƒo ƒe dziƒowo kple mi dziƒotametsiwo!


Mikafu Yehowa! Mikafu Mawu le eƒe kɔkɔeƒe la me; mikafui le eƒe alili sesẽ la me!


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbe ƒã ɖem eƒe asinuɖɔwɔwɔ.


Yehowa ƒe nye wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe nu me gbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋu nuwo katàe.


Elabena eƒo nu, eye wòva me; ede se, eye wòɖo di.


Ne tsi ya alilikpowo la, wobunɛ kɔna ɖe anyigba dzi; ne ati mu le dziehe alo anyiehe la, afisi atia mũ ɖo la, afima wòtsina.


Eya, amesi le xexeame godoo ta me, eye eme nɔlawo le dzedzem abe ʋetsuviwo ene; eya, amesi he dziƒo me abe avɔ beli ene, eye wòkekee abe agbadɔ ene, be yeanɔ eme;


Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o.


Eya amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, tsɔ eƒe nunya ɖo xexeame anyi, eye wòtsɔ eƒe gɔmesese keke dziƒo mee.


Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Israel ŋu; Ale Yehowa, amesi keke dziƒo me, amesi ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòwɔ gbɔgbɔ de amegbetɔ me la, gblɔ esi;


Elabena ɖe woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema, bena dziƒowo li tso blema ke, eye anyigba hã li hedo tso tsi me, eye wòto tsi me le Mawu ƒe nya nu;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa