Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 1:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye Mawu kpo nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonye ŋutɔ. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke adelia.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 1:31
21 Mawu Ofanana  

Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke etɔ̃lia.


Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke enelia.


Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke atɔ̃lia.


Mawu yɔ kekeli la be ŋkeke; ke viviti la eyɔe be zã. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke gbãtɔ.


Eye Mawu yɔ alilia be dziƒo. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke evelia.


Eye Mawu wu eƒe ɖo, si wòwɔ la nu le ŋkeke adreagbe, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adreagbe tso eƒe do, siwo katã wòwɔ la me.


Eye Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti, elabena eya dzi wòdzudzɔ eɖokui le tso eƒe dɔwɔwɔ, siwo katã Mawu wɔ, eye wòna wodo la me.


esime ŋukeɣletiviwo katã le aseye tsom, eye Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔa?


Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Ewɔ wo katã le nunya me: anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo.


Ena wo, eye wofɔe, èʋu wò asi me, eye wodi ƒo kple wò nu nyui.


Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe li tegbee! Yehowa kpɔa dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu!


Wò dɔme nyo, eye nèwɔa nu nyui, fia wò ɖoɖowom.


Elabena ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dzi kple anyigba, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme, eye wòdzudzɔ eɖokui le ŋkeke adreagbe. Eyata Yehowa yra dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.


Dzesi wonye le mia kple Israel-viwo dome tegbee; elabena ŋkeke ade Yehowa wɔ dzi kple anyigba, ke edzudzɔ eɖokui le ŋkeke adreagbe, eye wògbɔ ɖe eme.


Nusianu, si Yehowa wɔ la, kple etɔe li, eya ame vɔɖiwo hã hena dzɔgbevɔ̃egbe.


Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde: mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ, kple tagbɔ ŋu ne


Ɖe vɔ̃ kple nyui metsoa dziƒoʋitɔ la nu me oa?


Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzo. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.


Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã nyo, eye womatsri naneke o, nenye be, woxɔe kple akpedada;


elabena wokɔ eŋuti to Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa