Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 1:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo nedo tso anyigba me hamehame, aƒemelãwo kple nu tatawo kple gbemelãwo hamehame!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi lã kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemelã ɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 1:24
15 Mawu Ofanana  

Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke atɔ̃lia.


Tete Yehowa Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã, eye wòkplɔ wo va amea gbɔe, be yeakpɔ alesi wòayɔ woe; eye alesi ame la yɔ nu gbagbeawoe la, nenema anye woƒe ŋkɔ.


Dziƒoxe dzodzoewo le woƒe ƒomeviwo nu, aƒemelãwo le woƒe ƒomeviwo nu kple nu, siwo katã tana le anyigba la dzi, le woƒe ƒomeviwo nu, wo dome eveveve woava gbɔwò, bena woanɔ agbe.


woawo kple gbemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple aƒemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple nu tata, siwo katã tana le anyigba dzi, le woƒe ƒomeviwo nu hekpe ɖe xewo kple nusiwo katã dzona la ŋuti le woƒe ƒomeviwo nu.


Lãwo katã, nu tata wo katã kple xe dzodzoewo katã kpakple nusi wo katã zɔna le anyigba dzi la, wodo go le aɖakaʋu la me hamehame.


Ènya agamegbɔ̃ewo ƒe vidziɣia? eye ɖe nèdze si ɣeyiɣi, si fu ɖua zinɔwoa?


Wòe na ŋusẽ sɔa, eye wòe tsa kɔdza tsyɔ kɔ ŋu nɛa?


Ameka na ablɔɖe gbetedzi? Eye ameka tu ka gbetedzi,


Ɖe tò alɔ̃ asubɔ wò kpoo, eye wòatsi wò lãto gbɔ adɔa?


Kpɔ tɔmenyi, si mewɔ kpe ɖe ŋuwò ɖa! Eɖua gbe abe nyi ene.


To kɔkɔwo li na agamegbɔ̃wo, eye agawo nye sitsoƒe na hotoklolowo.


Amegbetɔ dona yia eƒe nuwɔƒe kple eƒe dɔwɔwɔ dzi vasena ɖe fiẽ.


mi gbemelãwo kple aƒemelãwo kalã kpakple xevi dzogoewo;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa