Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 1:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Mawu wo ƒumelã klitsuwo kple nu gbagbe, siwo katã tana, eye woʋãna le tsia me, hamehame, kple xe, siwo katã dzona. Eye Mawu kpo bena enyo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Ale Mawu wɔ ƒumelã gãwo kple nu gbagbe siwo tana, eye wonɔa tsi me la ƒomevi vovovowo kple xevi siwo dzona la ƒomeviwo katã. Mawu kpɔe be enyo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 1:21
23 Mawu Ofanana  

woaɖu ŋkeke kple zã dzi, eye woamã kekeli kple viviti dome. Eye Mawu kpɔ bena enyo.


Tete Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo neƒu tsi le tsia me, eye xe dzodzoewo nedzo le ya me le dziƒolilia ƒe ŋku me.


Eye Mawu yra wo gblɔ bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ atsiaƒutsia me, eye xe dzodzoeawo nasɔ gbã le anyigba dzi!


Ale Mawu wɔ gbemelãwo hamehame, aƒemelãwo hamehame kple lã, siwo katã tana le anyigba dzi hamehame. Eye Mawu kpɔ bena enyo.


Eye Mawu kpo nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonye ŋutɔ. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke adelia.


Tete Yehowa Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã, eye wòkplɔ wo va amea gbɔe, be yeakpɔ alesi wòayɔ woe; eye alesi ame la yɔ nu gbagbeawoe la, nenema anye woƒe ŋkɔ.


Dziƒoxe dzodzoewo le woƒe ƒomeviwo nu, aƒemelãwo le woƒe ƒomeviwo nu kple nu, siwo katã tana le anyigba la dzi, le woƒe ƒomeviwo nu, wo dome eveveve woava gbɔwò, bena woanɔ agbe.


woawo kple gbemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple aƒemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple nu tata, siwo katã tana le anyigba dzi, le woƒe ƒomeviwo nu hekpe ɖe xewo kple nusiwo katã dzona la ŋuti le woƒe ƒomeviwo nu.


Lã vovovo, siwo katã le gbɔwò; xe dzodzoewo kple aƒemelãwo kpakple nu tata, siwo katã tana le anyigba dzi la, nado go kpakpli wò, ne woaʋã wo ɖokui le anyigba dzi, eye wòadzi asɔ gbɔ le anyigba dzi!


Lãwo katã, nu tata wo katã kple xe dzodzoewo katã kpakple nusi wo katã zɔna le anyigba dzi la, wodo go le aɖakaʋu la me hamehame.


Metsɔ anyigba dzi lãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, kple tɔmelãwo katã de asi na mi, eye mianye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi na wo.


Ke miawo la midzi, ne miasɔ gbɔ, miʋã mia ɖokui le anyigba dzi, eye mikeke ta ɖe edzi!


Ke bia lãwo se, eye woafia nu wò, kple dziƒoxewo: eye woagblɔe na wo,


Vɔvɔliwo le ʋuʋum nyanyanya le tsiwo kple wo me nuwo te.


Atsiaƒue menyea, alo bosoe menye, be nèɖe ŋudzɔlawo ɖo ŋunyea?


Mikafu Yehowa tso anyigba dzi, mi bosowo kple tɔ goglowo katã,


Eye Israel-viwo dzi hele agbɔ sɔm ɖe dzi ŋutɔŋutɔ, wokeke ta, eye woxɔ anyigba la dzi.


Ke afakalawo hã tso woƒe aye me nuwɔwɔwo wòe nenema, eye wohe akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzi.


Amevi, to konyifaha ɖe Egipte-fia Farao ŋu nagblɔ nɛ bena: Wò amesi nye dzata le dukɔwo dome la, nuwò yi! Lo nènye nɔ tɔ me, ètu tsi to ŋɔti me, ètsɔ wò afɔ blu tɔe, eye nènyã avuzi le tɔsisi me.


Ke nye la matsɔ akpedagbe asa vɔ na wò, eye mawɔ adzɔgbe, si meɖe la dzi. Xɔname enye Yehowa tɔ!


elabena abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe ɖɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa