Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena Yuda sẽ ŋu le nɔviawo dome, eye amegã dzɔ tso eme; ke ŋgɔgbevinyenye la enye Yosef tɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Togbɔ be Yosef va zu ŋgɔgbevi hã la, Yuda va nye hlɔ̃ sesẽ, xɔŋkɔ aɖe le Israel eye Yuda mee fiavi aɖe do tso.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 5:2
25 Mawu Ofanana  

Yakob ɖo ŋu nɛ be: Tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye ƒle nam gbã gbɔ.


Eye viŋutsu wuieve le Yakob si. Lea viŋutsuwo nye Ruben, Yakob ƒe ŋgɔgbevi, eyome Simeon, Lewi, Yuda, Isaxar kple Zebulon.


Ke viwòŋutsu eveawo, Efrayim kple Manase, siwo wodzi na wò le Egipte, hafi meva gbɔwò le Egipte la, nazu vinyewo abe Ruben kple Simeon ene.


Fofowò ƒe yayra, si gbɔ tonyigba xoxo wɔnuwo kple togbe dzeani, siwo li tegbee ŋu la, ava Yosef ƒe ta dzi kple nɔviawo ƒe amegã ƒe dzodome.


Ale Dawid ɖu fia de Israel blibo la dzi, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple afiatsotso le Dawid si me hena Israel blibo la.


Eye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, dam le fofonye ƒe aƒe blibo la me, be maɖu fia ɖe Israel dzi tegbee, elabena etia Yuda, ne wòanye amegã, eye nye nu nyo eŋu le fofonye Yuda ƒe aƒe me kple fofonye viwo dome, eye wòtsɔm ɖo fia ɖe Israel blibo la nu.


Mawu ƒo nu le eƒe kɔkɔeƒe la be: Makpa dzidzɔ, mamã Sixem, eye madzidze Sukot-bali me la.


Ne woaxɔ na wò ame lɔlɔ̃wo, tsɔ wò nuɖusi ɖe mi, eye naɖo to mi!


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Yuda-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le ɣedzeƒe gome. Yuda-viwo ƒe amegã nye Naheson, Aminadab vi,


Amesi na nu le ŋkeke gbãtɔ dzi, enye Naheson, Aminadab vi, tso Yuda-to la me.


„Eye wò Betlexem le Yuda-nyigba dzi, menye suetɔ nènye le Yuda ƒe fiaduwo dome kura o; elabena wò me fia, si le nye dukɔ Israel nyi ge la, ado atso.“


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


ke boŋ wòabu esi melɔ̃na o la ƒe viŋutsu ŋgɔgbevii, eye wòana nusiwo katã le esi lae zi gbɔ zi eve awu; elabena eyae nye eƒe ali me vi gbãtɔ, eye etɔe nye domenyinu la.


Edze ɖeka abe eƒe nyitsu ŋgɔgbea ene, eye eƒe dzowo le abe to ƒe dzowo ene. Woawo wòtsɔ tu dukɔwo ƒu anyi vaseɖe anyigba seƒewo ke. Esiawo nye Efrayim ƒe ame akpe nanewo kple Manase ƒe ame akpeawo.


Elabena edze ƒã bena, mia Aƒetɔ la ɖo tso Yuda-to la me, to, si Mose megblɔ nyaa ɖeke na le nunɔlanyenye ŋuti o.


Tete Yuda-viwo va Yosua gbɔ le Gilgal, eye Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la, gblɔ nɛ bena: Enya nya, si Yehowa gblɔ na Mose, Mawu ƒe ame la, le mía kpli wo ŋuti le Kades-Barnea.


Tete amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam bena: Megafa avi o; kpɔ ɖa, dzata, si tso Yuda ƒe to la me, si nye Dawid ƒe ke la, eɖu dzi, be wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenu adreawo ɖa.


Tete Yehowa gblɔ bena: Yuda neho yi; kpɔ ɖa, metsɔ anyigba la de asi nɛ!


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.


Ale Isai kplɔ via adreawo to Samuel ŋku me, gake Samuel gblɔ na Isai be: Yehowa metia woawo o.


Tete wòdɔ ame woɖakplɔe vɛ; ebiã, eƒe ŋkuwo le hɔ̃e, eve wònye ame kpokploe. Eye Yehowa gblɔ be: Tso, nasi ami nɛ, elabena eyae!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa