Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 5:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Israel ŋgɔgbevi Ruben ƒe viwo; elabena eya nye ŋgɔgbea, ke esi wògblẽ kɔ ɖo na fofoa ƒe aba la, wotsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye na Israel vi Yosef ƒe viwo, ke ɖeko womeŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖi abe ŋgɔgbeawo ene o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esiawoe nye Ruben ƒe viŋutsuwo. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Togbɔ be eyae nye ŋgɔgbevi hã la, eƒo ɖi fofoa ƒe srɔ̃ɖeba eya ta woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel ƒe vi, Yosef ƒe viŋutsuwo. Esia tae womeŋlɔ eƒe ŋkɔ be eyae nye ŋgɔgbevi le dzidzimegbalẽ la me abe ale si wòle be wòanɔ ene o.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 5:1
23 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!


Yakob ɖo ŋu nɛ be: Tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye ƒle nam gbã gbɔ.


Eye Lea fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Ruben; elabena egblɔ be: Yehowa kpɔ nye nublanui, azɔ srɔ̃nye alɔ̃m.


Ke esi Israel le nuto sia me la, Ruben de asi fofoa ƒe kosi Bilha ŋu, eye Israel see.


Esiawo nye Israel ƒe vi, siwo va Egipte la, ƒe ŋkɔwo, Yakob kple viaŋutsuwo. Yakob ƒe ŋgɔgbevi enye Ruben.


Ke viwòŋutsu eveawo, Efrayim kple Manase, siwo wodzi na wò le Egipte, hafi meva gbɔwò le Egipte la, nazu vinyewo abe Ruben kple Simeon ene.


Israel viwo nye si: Ruben, Simeon, Lewi kple Yuda, Isaxar kple Zebulon,


Xosa, amesi tso Merari viwo dome la ƒe viwo nye: Simri, amesi nye tatɔ; menye eyae nye ŋgɔgbea hafi o, gake fofoa tsɔe ɖo tatɔe,


Esiawo nye aƒehanuawo le woƒe ƒome la me. Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbevi, ƒe viwo nye: Henox, Palu, Xezron kple Karmi; esiawo nye Ruben-hawo.


Megade asi fofowò srɔ̃ ŋu o, elabena eƒe ama nye fofowò tɔ.


Ne amea ɖe do fofoa srɔ̃ gbɔ la, ekema eɖe fofoa ƒe ama ɖe go; ele be, woawu wo kple eve la, woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe.


Ŋutsu, siwo akpe ɖe mia ŋu la, ƒe ŋkɔwo nye si: Elizur, Sedeur vi, tso Ruben-to la me;


Eye Korax, Yizhar vi, amesi nye Lewi vi, Kehat ƒe tɔgbuiyɔvi, hekpe ɖe Eliab viŋutsuwo, Datan kple Abiram, amesiwo nye Ruben vi, Palu ƒe tɔgbuiyɔviwo ŋu,


Ruben enye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Ruben viwo nye: Xanok, amesi dzi Xanok-ƒome la; Palu, amesi dzi Palu-ƒome la;


Wose mia ŋkɔ keŋ bena, ahasiwɔwɔ le mia dome, eye ahasiwɔwɔ ma tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo dome hã o bena, amea ɖe xɔ fofoa srɔ̃.


ke boŋ wòabu esi melɔ̃na o la ƒe viŋutsu ŋgɔgbevii, eye wòana nusiwo katã le esi lae zi gbɔ zi eve awu; elabena eyae nye eƒe ali me vi gbãtɔ, eye etɔe nye domenyinu la.


Amesi de asi fofoa srɔ̃ ŋu la, aɖi eŋu; elabena eklo fofo ƒe avɔ! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Edze ɖeka abe eƒe nyitsu ŋgɔgbea ene, eye eƒe dzowo le abe to ƒe dzowo ene. Woawo wòtsɔ tu dukɔwo ƒu anyi vaseɖe anyigba seƒewo ke. Esiawo nye Efrayim ƒe ame akpe nanewo kple Manase ƒe ame akpeawo.


amesi nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la.


Tete Yuda-viwo va Yosua gbɔ le Gilgal, eye Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la, gblɔ nɛ bena: Enya nya, si Yehowa gblɔ na Mose, Mawu ƒe ame la, le mía kpli wo ŋuti le Kades-Barnea.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa