Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 4:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Tete amesiwo ŋkɔ woŋlɔ ɖi la, va gbã woƒe agbadɔwo, eye wowu Meunitɔ, siwo nɔ afima le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli: wotsrɔ̃ wo gbidigbidi vaseɖe egbe henɔ wo teƒe, elabena lãnyiƒe le afima na woƒe lãwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

41 Ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ da ɖi la va le Yuda Fia Hezekia ƒe fiaɖuɣi. Woho aʋa ɖe Hamitɔwo ŋu le woƒe nɔƒewo nenema ke nye Meunitɔ siwo nɔ afi ma eye wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si wòle dzedzem egbe ene. Wonɔ woƒe nɔƒe elabena lãnyiƒe nɔ afi ma na woƒe lãhawo.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 4:41
13 Mawu Ofanana  

eya ƒe vi nye Axaz, eya ƒe vi nye Xizkiya, eya ƒe vi nye Manase,


kpakple woƒe kɔƒe, siwo katã ƒo xlã du siawo vaseɖe Baal. Esiawo nye woƒe nɔƒewo, eye ƒomegbalẽ tɔxɛ le wo si.


Elabena woda nu ame geɖewo woku, elabena aʋa la tso Mawu gbɔ̃; eye wono wo, teƒe vaseɖe aboyoɖeŋɔli.


Le esia megbe la Moab-viwo kple Amon-viwo ho aʋa ɖe Yosafat ŋu, eye Meunitetɔwo kpe ɖewo ŋu.


Eye Mawu de edzi de Filistitɔwo kple Arabiatɔwo, amesiwo nɔ Gur-Baal la, kple Meunitɔwo ŋuti.


Eyata mise Yehowa ƒe adaŋu, si wòde ɖe Edom ŋu kple eƒe tame, si wòɖo ɖe Temantɔwo ŋu la: Vavã woakplɔ lã kudɔewo adzoe, eye woƒe lãnyiƒe ƒe nu aku ɖe wo ŋu.


eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;


Zidontɔwo, Amalekitɔwo kple Maontɔwo ɖe fu na mi, eye miedo ɣli yɔm la, nyemexɔ na mi oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa