Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi; enelia nye Adoniya, Xagit ƒe vi;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ. Eneliae nye Adoniya, ame si dadae nye Hagit.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 3:2
20 Mawu Ofanana  

Esia megbe la Dawid vi Absalom nɔvinyɔnu Tamar, si dze tugbe la, ƒe nu lé dzi na Dawid vi Amnon.


Eye Absalom si yi Gesur ɖatsi afima ƒe etɔ̃.


Tete Yoab dze mɔ yi Gesur, eye wòkplɔ Absalom va Yerusalem.


Absalom ɖo ŋu na Yoab bena: Kpɔ ɖa, medo ame ɖe wò be: va, ne made gbe asi na wò aɖo ɖe fia la bena: Nukaŋuti metso Gesur va? Ɖe metsi afima la, ne nyo nam wu! Azɔ meɖi be, makpɔ fia la ŋku me; eye ne vodadaa ɖe le ŋunye la, ekema newum!


Elabena esi menɔ Gesur le Aram la, wò dɔla ɖe adzɔgbe bena: Ne Yehowa gakplɔm yi Yerusalem la, ekema miasubɔ Yehowa.


Tete Yoab gblɔ bena: Nyematɔ ɖe gbɔwò didie o! Eye wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi ɖatɔ Absalom ƒe dzinu; ke esi wogale agbe le klẽtia ŋu ko la,


Ke esi Absalom le agbe la, eɖo kpea ɖe ɖe fia ƒe bali la me; elabena egblɔ be: Viŋutsua ɖeke mele asinye, ne wòalé nye ŋkɔ ɖe te o. Etsɔ eƒe ŋkɔ na kpe la, eye woyɔnɛ vaseɖe egbe be Absalom ƒe ŋkuɖodzikpe.


Evia evelia nye Xileab, si nye Karmeltɔ, Nabal srɔ̃ Abigail tɔ; etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia, Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi.


Enelia nye Adoniya, Xagit vi; atɔ̃lia nye Sefatya, Abital vi;


Ke Adoniya, Xagit vi, do eɖokui ɖe dzi gblɔ bena: Nyee le fia nye ge! Eye wòdi tasiaɖamwo kple sɔwo kple ame blaatɔ̃, siwo ano du ƒum le eŋgɔ la, na eɖokui.


Le eƒe agbe me ŋkekewo me la fofoa mehe nya ɖe eŋu kpɔ be: nukaŋuti nèwɔ esi kple esi hã o. Edze ɖeka hã ŋutɔ, eye eya wòdzi ɖe Absalom yome.


Tete fia Salomo ɖo ŋu gblɔ na dadaa bena: Nukaŋuti nele Abisag, Sunami-nyɔnu la, ko biam na Adoniya? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abyatar kpakple Yoab, Zeruya vi la, elabena tonye wonye.


Ke Gesuritɔwo kple Aramtɔwo xɔ Yair-kɔƒeawo le wo si hekpe ɖe Kenat kple eŋu kɔƒewo ŋuti, wole du blaade. Amesiawo katã nye Maxir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo.


Dawid vi, siwo wodzi nɛ le Xebron la wonye: eƒe ŋgɔgbea Amnon, si nye Axinoam, Yesreel-nyɔnu la lɔ; evelia nye Daniel, si nye Abigail, Karmel-nyɔnu la to,


atɔ̃lia nye Sefatya, si nye Abital ta; adelia nye Yitream, si nye srɔ̃a Egla tɔ.


Ke Israel-viwo menyã Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo o, eyata Gesur kple Maaxat tsi Israel dome vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa