Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid vi, siwo wodzi nɛ le Xebron la wonye: eƒe ŋgɔgbea Amnon, si nye Axinoam, Yesreel-nyɔnu la lɔ; evelia nye Daniel, si nye Abigail, Karmel-nyɔnu la to,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esiawoe nye David ƒe viŋutsu siwo wodzi nɛ le Hebron: Tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel. David ƒe vi eveliae nye Daniel eye dadae nye Abigail tso Karmel.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 3:1
11 Mawu Ofanana  

Esia megbe la Dawid vi Absalom nɔvinyɔnu Tamar, si dze tugbe la, ƒe nu lé dzi na Dawid vi Amnon.


Eye Absalom ƒe ɖekakpuiawo wɔ Amnon, abe alesi Absalom de se ene. Tete fia viŋutsuawo katã tsi tre, eye wo dome amesiame do eƒe tedzi hesi.


Eye ana nɔ Saul ƒe aƒe kple Dawid ƒe aƒe dome eteƒe didi Eye Dawid ɖe ŋusẽ kpɔm de dzi, ke Saul ƒe aƒe la le gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe dzi.


Esi Dawid tso Xebron va la, egadze ahiãwo, eye wòɖe srɔ̃wo le Yerusalem, eye wogadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo na Dawid.


agbalẽŋlɔlawo ƒe ƒome, si le Yabez, Tiratitɔwo, Simatitɔwo kple Suxatitɔwo, amesiawo nye Kinitɔwo, amesiwo dzɔ tso Xamat, amesi nye Rexab ƒe aƒekɔ ƒe fofo la me.


Etia vinye Salomo le vinyewo katã dome, elabena Yehowa na vi geɖem, ne woabɔbɔ nɔ Yehowa ƒe Israel-fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi.


etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi; enelia nye Adoniya, Xagit ƒe vi;


Yesreel, Yokdeam, Zanoax.


Eye Dawid kple eƒe amewo, amesiame kple eƒemetɔwo, tsi Axis gbɔ le Gat; Dawid kple srɔ̃a eveawo, siwo nye Axinoam tso Yezreel kple Nabal srɔ̃ Abigail tso Karmel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa