Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 27:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Azmawet, Adiel vi, le fia la ƒe kesinɔnuwo nu, eye Yonatan, Uziya vi, le nusiwo wodzra ɖo ɖe agblewo, duwo, kɔƒewo kple mɔwo me la nu;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Azmavet, Adiel ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa fia la ƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe dzi eye Yonatan, Uzia ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa kesinɔnuwo dzraɖoƒe la dzi le duwo kple kɔƒewo kple mɔwo me.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 27:25
11 Mawu Ofanana  

Ke wo dome ŋutsu ewo gblɔ na Ismael bena: Megawu mí o, elabena míeɖi nuwo ɖe gbe me: lu, ƒo, ami kple anyitsi. Tete wòdzudzɔ, eye mewu wo kpe ɖe wo nɔviwo ŋu o.


Etu xɔ tsralawo ɖe gbe dzi, eye wòɖe vudo geɖewo, elabena lãho geɖe le esi le bali me kple tagba, eye agbledelawo kple weingbledelawo le esi le towo dzi kple Karmel, elabena elɔ̃a agbledede.


Tete Asa tsɔ klosalo kple sika le Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe ɖo ɖe Aram-fia Ben-Hadad, amesi le Damasko bena:


Eye Xizkiya tsa klosalo, siwo katã wòkpɔ le Yehowa ƒe aƒe me kple fia ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe la hena.


Tete wotsɔ dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo; eye wotu nudzraɖoƒewo na Farao, siwo nye Pitom kple Ramses.


Eye wòƒo agblemenu siwo katã wɔ le ƒe adreawo me, le esime nuɖuɖu do agbogbo ɖe Egipte-nyigba dzi la, nu ƒu, eye wòdzra du sia du ƒe agblemetiwo ɖo ɖe ɖu la ŋutɔ me.


Yoab, Zeruya vi, de asi wo xexlẽ me, ke mewu enu o, elabena eyatae dɔmedzoe va Israel dzi ɖo; eya ŋuti womede xexlẽme la fia Dawid ŋutinya me o.


Ezri, Kelub vi, le agbledela, siwo ŋlɔa agble la nu;


Tete aƒekɔwo ƒe amegãwo, Israel-toawo ƒe amegãwo, ame akpewo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple fia ƒe dɔwɔlawo ƒe amegãwo lã faa,


Arbatitɔ Abi-Albon kple Barxumitɔ Azmawet,


Tele Dawid ƒo Israel ƒe amegãwo katã, toawo ƒe amegãwo, hawo ƒe amegã, siwo subɔa fia la, ame akpewo ƒe amegãwo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple amesiwo kpɔa fia la kple viawo ƒe kesinɔnuwo kple lãhawo dzi la nu ƒu ɖe Yerusalem hekpe ɖe aƒedzikpɔlawo, kalẽtɔwo kple ŋutsu ŋkumesesẽtɔwo katã ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa