Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 26:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Obed-Edom viwo nye: Semaya, si nye ŋgɔgbea, evelia nye Yozabad, etɔ̃lia nye Yoax, enelia nye Saxar, atɔ̃lia nye Netaneel,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Obed Edom ƒe viwo hã nye gbedoxɔŋudzɔlawo. Woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Semaya, Yehozabad, Yoa, Sakar, Netanel,

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 26:4
11 Mawu Ofanana  

Eye Dawid melɔ̃ be, woatsɔ Yehowa ƒe aɖaka la ava ye gbɔe le Dawid ƒe ɖu la me o; eye Dawid na be, woaɖadroe ɖe Gattɔ Obed-Edom ƒe me.


Ale Yehowa ƒe aɖaka la tsi Gattɔ Obed-Edom ƒe me dzinu etɔ̃, eye Yehowa yra Obed-Edom kple eƒe aƒe blibo la.


Eve wova gblɔna fia Dawid bena: Yehowa yra Obed-Edom ƒe aƒe kple eƒe nuwo katã le Mawu ƒe aɖaka la ta. Tete Dawid yi ɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Obed-Edom ƒe me va Dawid ƒe ɖu la me kple dzidzɔ.


Ale Mawu ƒe aɖaka la tsi Obed-Edom gbɔ le eƒe me dzinu etɔ̃, eye Yehowa yra Obed-Edom ƒe aƒe la kple eƒe nuwo katã.


eye wo nɔvi, siwo le ɖoɖo evelia me, kpe ɖe wo ŋu: Zaxarya, Yaaziel, Semiramot, Yexiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Malitya, Elitelehu, Mikneya, Obed-Edom kple Yeiel, amesiawo nye agbonudzɔlawo.


eye Malitya, Elifelehu, Mikneya, Obed-Edom, Yeiel kple Azaz ya wonye amesiwo tso kasaŋku ka enyitɔ doa ha ɖae.


Sebanya, Yosafat, Netaneel, Amasai, Zaxarya, Benaya kple Eliezer wonye nunɔlawo, amesiwo kua kpẽ le Mawu ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye Obed-Edom kple Yexiya wonye agbonudzɔlawo le aɖaka la gbɔ.


eɖo Obed-Edom, Yedutun vi, kple Xosa kpakple wo nɔvi blaade vɔ enyi wonye agbonudzɔlawo;


kple woƒe hadzinuwo, siwo nye saŋkuwo kple kasaŋkuwo; woawo nye Asaf, si nye tatɔ, eyometɔ nye Zaxarya, Yeiel, Semiramot Yexiel, Matitya, Eliab, Benaya, Obed-Edom kple Yeiel. Asaf ƒoa gakogoe sesĩe,


atɔ̃lia nye Elam, adelia nye Yoxanan, eye adrelia nye Elyoenai.


adelia nye Amiel, adrelia nye Isaxar, eye enyilia nye Peultai: elabena Mawu yrae.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa