Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 22:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Dawid gblɔ be: Esia nye Yehowa Mawu ƒe aƒe, eye esia nye vɔsamlekpui ɖe Israel ƒe numevɔsa ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Ale David gblɔ be, “Yehowa Mawu ƒe aƒe la anɔ afi sia eye nenema kee anye vɔsamlekpui si dzi Israel asa vɔ le.”

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 22:1
16 Mawu Ofanana  

Eye Salomo dze Yehowa ƒe xɔ la tutu gɔme le Yerusalem; ɖe Moriya-to, si dzi wòɖe eɖokui fia fofoa Dawid le la dzi, ɖe teƒe, si Dawid dzra ɖo ɖe Yebusitɔ Ornan ƒe lugbɔƒe.


Eye wòyɔ gblɔ bena: Ŋɔdziƒe ka enye si! Afi sia menye afia ɖeke o, negbe Mawu ƒe aƒe kple dziƒogbo ko wonye.


Ke ne miegblɔ nam be: Yehowa, mia Mawu la ŋu miele dzi ɖom ɖo la, ekema ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo Xizkiya ɖe ɖa, eye wògblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Miɖe ta agu ɖe vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem oa?


Eye Gad va Dawid gbɔ gbemagbe gblɔ ne bena: Yi nadaɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Yebusitɔ Arawna ƒe lugbɔƒe!


eye wògblẽ nɔƒe, si le Silo, agbadɔ, si wòtu ɖe amegbetɔwo dome la ɖi.


Ɖe menye Xizkiya siae ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Miɖe ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ko ŋgɔ, eye mido dzudzɔ le edzi oa?


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


Gake Dawid mete ŋu yi egbe, be yeabia gbe Mawu ase o, elabena Yehowa dɔla ƒe yi la tso dzika ƒo nɛ.


ke boŋ nasa wò numevɔ le teƒe, si Yehowa atia ɖe wò toawo dometɔ ɖeka me, eye nawɔ nusiwo katã ŋu mede se le na wò la, le afima.


Enumake amesi xɔ talento atɔ̃ la, yi ɖatrɔ le wo dzi, eye wòɖe vi talento atɔ̃ ɖe wo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa