Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 21:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Yoab ɖo ŋu bena: Nye aƒetɔ fia, ne Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe dzi zi alafa wu alesi wòle hã la, ɖe menye nye aƒetɔ ƒe dɔlawo ko wo katã wonye oa? Nukaŋuti nye aƒetɔ le nusia tugbe dim, eye nukaŋuti wòatrɔ zu fɔɖiɖi na Israel?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ke Yoab melɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Ebia David be, “Ne Yehowa na eƒe amewo dzi ɖe edzi zi alafa ɖeka hã la, ɖe wo katã manye tɔwòwo oa? Nu ka ta nèle didim be míawɔ nu sia? Nu ka ta nàna Israel nakpɔ fɔbubu?”

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 21:3
15 Mawu Ofanana  

Tete Abimelex yɔ Abraham, eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nuvɔ̃ ka gɔ̃ mewɔ de ŋuwò bena, nèhe dzɔgbevɔ̃e gã sia va nye ŋutɔ kple nye fiaɖuƒe la dzi mahã? Nusi womewɔna o la, eya nye esia nèwɔ ɖe ŋutinye.


Eye wòatsɔ Israel ade asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ hetsɔ ble Israel la ŋuti.


Ke le fia Yoas ƒe ƒe blave vɔ etɔ̃lia me la nunɔlawo mekpɔ ɖɔ xɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo haɖe o.


Lé dzi ɖe ƒo, eye na míasẽ ŋu na míaƒe dukɔ kple mía Mawu ƒe du la, eye Yehowa awɔ nusi dze eya ŋutɔ ŋu.


Ke esi fia la tsi eƒe nya la dzi na Yoab la, Yoab yi ɖatsa le Israel blibo la, eye wògbɔ va Yerusalem.


Yehowa adzi mia kple mia viwo de dzi.


Ne ètia Israel-viwo xlẽ la, ekema amesiwo netia la, naxe fe ɖe woƒe agbe ta, bena dɔ vɔ̃ɖia ɖeke magaɖo wo dome, le esi woxlẽ wo la ta o.


Eye Mose gblɔ; na Aron bena: Nuka dukɔ sia wɔ wò, bena nèhe vɔ gã sia va wo dzi ale?


Fia ƒe atsyɔ̃ le dukɔ ƒe agbɔsɔsɔ me; ke ne amewo zu ʋee la, ekema amegãɖuɖu yi to.


Ena dukɔ la dzi ɖe dzi, Yehowa, èna dukɔ la dzi de dzi, ède bubu ɖokuiwò ŋu, eye nèkeke anyigba ƒe liƒowo katã ɖe nu.


anye ne wò ƒome ano abe ke ene, eye wò dɔmeviwo abe kekui ene; eye womatsrɔ̃ wò ŋkɔ alo atutui ɖa le ŋkunye me o.


Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, ana miasɔ gbɔ ɖe dzi zi akpe, eye wòayra mi, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene.


Esi wova Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la gbɔ le Gilead-nyigba dzi la, wogblɔ na wo bena:


Menyo o hee, vinyewo! Elabena nya, si Yehowa ƒe dukɔ la le gbɔgblɔm mese la, menye nya nyui wònye o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa