6 Zerax viwo nye: Zimri, Etan, Heman, Xalkol kple Dara; wole ame atɔ̃.
6 Zera ƒe viwo nye: Zimri, Etan, Heman, Kalkol kple Dara.
Enya nu wu amegbetɔwo katã kple Ezraxitɔ Etan kpakple Maxol viwo Xeman, Xalkol kple Darda, eye eƒe ŋkɔ nya le dukɔwo katã dome godoo va kpe.
Perez viwo nye: Xezron kple Xamul.
Karmi vi nye: Axan, amesi he dzɔgbevɔ̃e va Israel dzi, le esi wòtsɔ busunuawo ƒe ɖe ta.
Hadzidzi. Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Dɔléle“ ƒe gbe nu. Heman tso Ezrax-viwo dome ƒe nufiameha.
Ke Israel-viwo meɖi anukware le busunuawo me o, elabena Axan, Karmi vi, amesi nye Sabdi vi, amesi nye Zerax vi tso Yuda-toa me la, tsɔ busunuawo ƒe ɖe. Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Israel-viwo ŋu.