Esi woɖee ɖa la, ena Dawid tsi tre, be wòanye fia na wo, amesi ŋuti hã wòɖi ɖase le gblɔ bena: „Mekpɔ Dawid, Isai vi la, ŋutsu, si dze nye dzi ŋu, amesi lawɔ nye lɔlɔ̃nu katã.“
Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.