Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 19:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete Dawid gblɔ bena: Mawɔ dɔmenyo na Naxas vi Xanun, elabena fofoa ve nunye. Eye Dawid dɔ amewo, be woaɖafa akɔ nɛ le fofoa ta. Ke esi Dawid ƒe dɔlawo va Xanun gbɔ le Amon-viwo ƒe anyigba dzi, be woafa akɔ nɛ la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 David ɖo be, “Manyo dɔme na Hanun, Nahas ƒe vi elabena fofoa nyo dɔme nam.” Ale David dɔ amewo ɖa be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta. Esi David ƒe amewo va tu Hanun le Amonitɔwo ƒe anyigba dzi be yewoado babaa nɛ la,

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 19:2
14 Mawu Ofanana  

Eye Dawid bia bena: Ɖe amea ɖeke mekpɔtɔ ɖe Saul ƒe me, ne mave enu le Yonatan ta oa?


Dawid gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, elabena mave nuwò le fofowò Yonatan ta: magagbugbɔ fofowò Saul ƒe agblewo katã na wò, eye naɖu nu le nye agba nu ɖaa.


Eve wògblɔ nɛ bena: Gblɔ na nyɔnu la be: Kpɔ da, edze agbagba siawo katã le mia ta, nuka woawɔ na wò? Nyaa de le mia kple fia la alo aʋafia domea? Edo ŋu bena: Mía detɔwo dome mele.


Eye wòva me le nusiawo megbe be, Amon-viwo ƒe fia Naxas ku, eye via zu fia ɖe eteƒe.


Amon-viwo ƒe amegãwo gblɔ na Xanun bena: Ɖe Dawid dɔ akɔfa-lawo ɖa, be woaɖe bubu fofowò ŋu na wò loo? Ke boŋ ɖe eƒe dɔlawo va, be woadzro anyigba la me, woatsa ŋku le edzi, ne woagblẽ.


Gbemagbe woxlẽ Mose ƒe segbalẽ la ɖe dukɔ la ƒe to me, eye wokpɔ woŋlɔ ɖe eme be, Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke megava Mawu ƒe ha la me gbeɖegbeɖe o;


Ke míawo míedo gbe ɖa na mía Mawu la, eye míeɖe dzɔlawo ɖo wo ŋu keli kple zã le wo ta.


tete mede amewo do anyigbe gome le glia godo le gbagbagbe; meɖo dukɔ la le woƒe ƒomeawo nu, eye wole woƒe yiwo, akplɔwo kple dawo ɖe asi.


Tete fia la bia bena: Nuka wowɔ tsɔ de bubu Mardoxai ŋui, eye aleke wodoe ɖe dzii le esia ta? Fia ƒe dɔlawo, siwo le esubɔm la, ɖo ŋu bena: Womewɔ naneke nɛ o.


Ŋutsu ɖahe nyanua ɖe le eme; eyae tsɔ eƒe nunya xɔ du lae; ke amea ɖeke medo ŋku ŋutsu dahe ma dzi o.


eye Yudatɔwo dome ame geɖewo va Marta kple Mana gbɔ, bena yewoafa akɔ na wo le wo nɔvi la ŋuti.


Esi Dawid gbɔ va Ziklag la, eɖo aboyonuawo ƒe ɖewo ɖe Yuda-ame tsitsiwo, siwo nye xɔlɔ̃awo la bena: Kpɔ ɖa, mixɔ nunana tso Yehowa ƒe futɔwo ƒe aboyonuwo me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa