Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 18:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Dawid si Zoba-fia Hadadezer le Xamat, esime wòva, be yeado eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Eɖu Zoba fia, Hadadezer ƒe duwo dzi yi Hamat ke le esime wòyi be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi le Frat tɔsisi la to.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 18:3
11 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:


Ke esi Amon-viwo kpo be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Amon-viwo dɔ woɖatsɔ aʋa Aramtɔwo le Bet-Rexob kple Aramtɔwo le Zoba, wole afɔzɔla akpe blave, kple Maaxa-fia ame akpe ɖeka kpakple Istobtɔwo ame akpe wuieve.


Eye Dawid si Zoba-fia Hadadezer, Rexob vi, esi wòva be, yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu.


Esi Moabitɔwo, ale be Moabitɔwo zu Dawid teviwo, eye wodzo nu nɛ.


Eye Dawid xɔ eƒe tasiaɖam akpe ɖeka, eye wòlé sɔdola akpe adre kple afɔzɔla akpe blave; eye Dawid tu ata na sɔ, siwo katã wotsi ɖe tasiaɖam ŋu, negbe sɔ alafa ɖeka ko wòna wòkpɔtɔ ɖi.


Eye Salomo ho yi ɖaxɔ Xamat-Zoba.


Fia sẽŋuwo nɔ Yerusalem, wokpɔ ŋusẽ ɖe anyigba siwo katã le tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome la dzi, eye wona nudzɔdzɔ kple adzɔ kple mɔtaho wo.


Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, ne woafia, eye woadzi ɖe „Dzogbenya ƒe ɖaseɖiɖi“ ƒe gbe nu;


le esime wòwɔ aʋa kple Aramtɔwo le Mesopotamia kple Aramtɔwo le Zoba, eye Yoab trɔ hewu Edomtɔ akpe wuieve le dzeʋe la me.


Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.


Azɔ Israel-fiaɖuƒe la su Saul si, eye wòwɔ aʋa kple eƒe futɔwo katã: Moabitɔwo, Amon-viwo, Edomtɔwo kple Zoba-fiawo kpakple Filistitɔwo godoo va kpe, eye afisiafi, si wòɖo la, eɖua dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa