Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 16:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye wòmã abolobɔbɔ, lãkɔ kple weintsetsebolo ɖekaɖeka na Israel-viwo dome amesiame, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 16:3
11 Mawu Ofanana  

Ke esi Salomo nyo la, ekpa bena, drɔ̃e wònye. Tete wòyi Yerusalem ɖatsi tre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe dɔlawo katã.


Esi Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ vo la, eyra dukɔ la le Yehowa ƒe ŋkɔ me,


Eye Dawid ɖe amewo tso Lewi-viwo dome, ne woasubɔ le Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, woaɖo ŋku Yehowa, Israel ƒe Mawu la dzi, woada akpe nɛ, eye woakafui


Elabena Yuda-fia Xizkiya na nyitsu akpe ɖeka kple ale akpe adre ameha la. Eye nunɔla geɖewo kɔ wo ɖokui ŋu.


Eye wògblɔ na wo bena: Miyi, ne miaɖu aminu, eye miano aha vivi, eye miɖo ɖe de amesiwo si ɖeke mele o la, elabena ŋkeke sia ŋu kɔ na mia Aƒetɔ la, migaxa nu o; elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye miaƒe mɔ̃ sesẽ.


Mi tso weintsetsebolo de agbe ŋunye, eye mitsɔ atɔtɔŋuti fa dzi nam, ale bena lɔlɔ̃ de dɔ la me nam.


Eyata Moab afa avi ɖe Moab ŋu, eye wo katã woawu avi; miafa konyi ɖe Kir-Xareset ƒe weintsetse ŋu, eye nu ate mia ŋu.


Amegã la si me numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le ŋkekenyuiewo dzi, le dzinu yeyewo kple dzudzɔgbewo dzi, kpakple le Israel ƒe takpegbewo katã nanɔ, eya ana woasa nuvɔ̃vɔ, nuɖuvɔ, numevɔ kple akpedavɔ, ne woalé avu na Israel ƒe aƒe la.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Gayi nalɔ̃ nyɔnu, si ame bubu le lɔlɔ̃m, eye wònye gbolo la, abe alesi Yehowa lɔ̃ Israel-viwo, ke woawo trɔ ɖe mawu tutɔwo ŋu, eye wole weintsetsebolo lɔ̃m la ene.“


Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa