Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 16:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Esi Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ vo la, eyra dukɔ la le Yehowa ƒe ŋkɔ me,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 16:2
17 Mawu Ofanana  

Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!


Azɔ gagbugbɔ nyɔnu la na srɔ̃a, elabena nyagblɔɖila wònye, eye wòaɖe kuku ɖe tawo, be natsi agbe. Ke ne meɖe asi le eŋu o la, ekema nyae bena, mia kple aƒewòmetɔwo katã miaku.


Emegbe la Yakob yayra Farao, eye wòdzo le Farao gbɔ.


Emegbe la Yosef kplɔ fofoa Yakob va fia Farao gbɔ, tete Yakob yra Farao.


Esi Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra dukɔ la le Yehowa Zebaot ƒe ŋkɔ me.


Eye wotso Mawu ƒe aɖaka la va dro ɖe agbadɔ, si Dawid tu nɛ la titina, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋku me.


eye wòmã abolobɔbɔ, lãkɔ kple weintsetsebolo ɖekaɖeka na Israel-viwo dome amesiame, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.


Esi wowu numevɔsa la nu la, fia la kple eƒe amesiwo katã le eŋu la, dze klo, eye wodo gbe ɖa.


Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo tsi tre heyra dukɔ la, eye wose woƒe gbe, eye woƒe gbedodoɖa de eƒe nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo.


Amegã la si me numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le ŋkekenyuiewo dzi, le dzinu yeyewo kple dzudzɔgbewo dzi, kpakple le Israel ƒe takpegbewo katã nanɔ, eya ana woasa nuvɔ̃vɔ, nuɖuvɔ, numevɔ kple akpedavɔ, ne woalé avu na Israel ƒe aƒe la.


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Ke ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesi nye gãtɔ la, yra amesi nye suetɔ.


Tete Yosua yra wo heɖe asi le wo ŋu, eye wodze mo yi woƒe agbadɔwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa