Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 15:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Emegbe Dawid de se be, amea ɖeke mekpɔ mɔ atsɔ Mawu ƒe aɖaka la o, negbe Lewi-viwo ko, elabena woawoe Yehowa tia, be woatsɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye woasubɔe tegbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 eye wòde se be, “Ne mietsɔ nubablaɖaka la va da ɖe eƒe nɔƒe yeyea la, Levitɔwo koe atsɔe elabena woawoe Yehowa tia na dɔ sia wɔwɔ; woawoe awɔ subɔsubɔdɔ nɛ tegbetegbee.”

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 15:2
17 Mawu Ofanana  

Eye wòva me, ne Yehowa ƒe aɖaka la tsɔlawo ɖe afɔ zi ade la, etsɔa nyitsu ɖeka kple nyivi dami ɖeka sa vɔe.


Eye wògblɔ na Lewi-viwo, amesiwo fiãa nu Israel blibo la, eye wokɔa wo ŋu na Yehowa la bena: Mitsɔ aɖaka la yi xɔ, si Dawid vi Salomo, Israel-fia, tu la me, eye migatsɔe ɖe abɔta azɔ o. Eyata misubɔ Yehowa, mia Mawu la, kple eƒe dukɔ Israel ko.


Eye natsɔ kpoawo aƒo ɖe asigɛ, siwo le aɖaka la ƒe axawo dzi la me, bena woatsɔ wo akɔ aɖaka lae.


Yehowa be: Matsɔ wo dometɔa ɖewo hã awɔ nunɔlawo kple Lewi-viwoe!


Na Lewi-to la nava nunɔla Aron gbɔ, bena woasubɔe.


Eye natsɔ Lewitɔwo ade asi na Aron kple viaŋutsuwo, etɔ woanye blibo le Israel-viwo dome.


Ke metsɔ ɖeke na Kehai viwo o, elabena woƒe dɔe nye be, woatsɔ nu kɔkɔeawo ɖe abɔta.


Eye Yehowa ɖa Lewi-to la ɣemaɣi, bena woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, woawɔ subɔsubɔdɔ le Yehowa ŋku me, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi, va do egbe.


Eye Mose ŋlɔ se sia ƒe nyawo, eye wòtsɔe ɖe asi na nunɔlawo, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, kpakple Israel-ame tsitsiwo katã.


eye wode se na dukɔ la bena: Ne miekpɔ be, nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo, tsɔ Yehowa, mia Mawu ƒe nubablaɖakaa la, ekema miawo hã míaho le mia teƒewo adze eyome.


Tete Yosua, Nun vi, yɔ nunɔlawo gblɔ na wo bena: Mitsɔ nubablaɖaka la, eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa