Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Dawid gblɔ na Israel ƒe ameha blibo la bena: Ne edze mia ŋu, eye wòtso Yehowa, mia Mawu gbɔ la, ekema mina míado ame ɖe afiawo katã ɖe mía nɔvi, siwo kpɔtɔ ɖe Israel-nyigbawo katã dzi la gbɔ, hekpe ɖe nunɔlawo kple Lewi-viwo, si wo le woƒe lãnyiƒewo ƒe duwo me la gbɔ, ne woava kpe ta ɖe mía gbɔ,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Emegbe la, egblɔ na Israel ha blibo la be, “Nenye be edze mia ŋu eye wònye Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu la, mina míaɖo du ɖe kpuiƒe kple didiƒe siaa ɖe mía nɔvi mamlɛ siwo le Israel ƒe anyigbawo katã dzi. Nenema ke míaɖo du ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo, ame siwo nɔ anyi kpli wo le woƒe duwo kple lãnyiƒewo me be woava kpe ɖe mía ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 13:2
16 Mawu Ofanana  

Woɖo ŋu gblɔ ne bena: Ne èzu dɔla na dukɔ sia egbea, èsubɔ wo, eye nèɖo to wo, eye nè ƒo nu kpli wo nyuie la, ekema woasubɔ wò ɖaa.


Emegbe fia Yoram gbugbɔ yi aƒe, be woada gbe le abi, siwo Aramtɔwo de eŋu, esime wòwɔ aʋa kple Aram-fia Xazael la ŋu ne. Eye Yehu gblɔ bena: Ne edze mia ŋu la, ekema amea ɖeke megasi tso dua me ayi aɖagblɔe le Yezreel o.


Esi Israel-ŋutsu, siwo katã nɔ bali la me, kpɔ be, wòsi, eye Saul kple viawo ku la, wogblẽ woƒe duwo ɖi hesi, eye Filistitowo va nɔ wo me.


Eye esi Dawid de adaŋu kple ame akpewo kple ame alafa wo ƒe tatɔwo kpakple amegãwo katã la,


ne míaɖakɔ mía Mawu ƒe aɖaka la ava mia gbɔe; elabena le Saul ŋɔli la míebia eta se kpɔ o.


Ne èwɔ alea, eye Mawu lɔ̃ ɖe dzi na wò la, ekema àkpɔ gbɔdzɔe, eye dukɔ blibo la hã ayi aƒe me le ŋutifafa me.


Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpe dzi; ke afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.


Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la, se Rabsake ƒe nya, siwo eƒe aƒetɔ Asur-fia de esi ɖo ɖa, be wòatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋui, eye Yehowa, wò Mawu la, ahe to nɛ le nya, si wose la ta; eyata do gbe ɖa ɖe ame mamlea, siwo li la ta.


Eye Filistitɔwo wɔ aʋa kple Israel, eye Israel-ŋutsuwo si le Filistitɔwo nu, eye amewo tsi aʋa le Gilboa-to la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa