Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 13:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eyata Dawid metsɔ aɖaka la va eɖokui gbɔ le Dawid ƒe du la me o, ke boŋ ena woɖadroe ɖe Gat vi Obed-Edom ƒe me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Eya ta David metsɔ nubablaɖaka la va eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, ke boŋ ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 13:13
9 Mawu Ofanana  

Obed-Edom viwo nye: Semaya, si nye ŋgɔgbea, evelia nye Yozabad, etɔ̃lia nye Yoax, enelia nye Saxar, atɔ̃lia nye Netaneel,


eye wo nɔvi, siwo le ɖoɖo evelia me, kpe ɖe wo ŋu: Zaxarya, Yaaziel, Semiramot, Yexiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Malitya, Elitelehu, Mikneya, Obed-Edom kple Yeiel, amesiawo nye agbonudzɔlawo.


Amesiawo katã tso Obed-Edom viwo dome; woawo kple wo viwo kpakple wo nɔviwo nye kalẽtɔwo, eye wokako ɖe dɔ ŋu. Obed-Edom-hawo le ame blaade vɔ eve.


kple woƒe hadzinuwo, siwo nye saŋkuwo kple kasaŋkuwo; woawo nye Asaf, si nye tatɔ, eyometɔ nye Zaxarya, Yeiel, Semiramot Yexiel, Matitya, Eliab, Benaya, Obed-Edom kple Yeiel. Asaf ƒoa gakogoe sesĩe,


ke Beerottɔwo si yi Gitaim, eye wonye amedzrowo le afima vaseɖe egbe.


Eye Dawid vɔ̃ Mawu gbemagbe hegblɔ bena: Aleke matsɔ Mawu ƒe aɖaka la ava gbɔnyee?


Tete Dawid kple Israel-ame tsitsiwo kpakple ame akpewo ƒe tatɔwo woyi, be woaɖakɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple dzidzɔ tso Obed-Edom ƒe me.


Eye Dawid gaƒo Israel ƒe ame tiatiawo katã nu ƒu, wole ame akpe blaetɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa