Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 11:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Menye egbe o, menye etsɔ o, esime Saul nye fia la, wòe kplɔa Israel doa goe gakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa, wò Mawu la, gblɔ na wò bena: Wòe le nye dukɔ Israel kplɔla nye ge, eye wòe anye amegã de nye dukɔ Israel nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Tsã esi Saul nye fia gɔ̃ hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa, wò Mawu, gblɔ na wò be, ‘Wòe akplɔ nye dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.’ ”

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 11:2
16 Mawu Ofanana  

Tsã esi Saul nye fia ɖe Israel nu la, wòe kplɔa Israel ɖoa goe, eye negakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa gblɔ na wò bena: Wòe anyi nye dukɔ Israel, eye nanye amegã ɖe Israel nu!


Ŋkeke alesi menɔ Israel-viwo katã dome tsã la, ɖe megblɔ na Israel ƒe toawo dometɔa ɖe, si meɖo be, wòanyi nye dukɔ Israel la bena: Nukaŋuti mietu sedertixɔ nam oa?


Yi ɖagblɔ na Yerobeam bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Esi medo wò ɖe dzi le dukɔ la dome, metsɔ wò ɖo fia ɖe nye dukɔ Israel dzi,


Eyata na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wo dukɔ, eye wòaɖe vovo nyui kple vɔ̃ dome, elabena ameka ale ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia?


eɖee le alẽ vinɔwo yome, ne wòakplɔ ele dukɔ Yakob kple eƒe domenyinu Israel.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe amegã kple dziɖula.


eye mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi nu, ne woatsɔ nunya kple gɔmesese akplɔ mi.


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Eyama anye gŋutifafa. Eye ne Asur va míaƒe anyigba ɖzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ mlaƒe fiasãwo me la, míadɔ lã-kplɔvi adre kple amegã enyi ɖe eŋu.


amesi ado kpli wo, eye wòagagbɔ kpli wo, amesi akplɔ wo adoe, eye wòagakplɔ wo agbɔe, bena Yehowa ƒe ha la maganɔ abe alé, siwo nu kplɔla mele o la, ene o.


„Eye wò Betlexem le Yuda-nyigba dzi, menye suetɔ nènye le Yuda ƒe fiaduwo dome kura o; elabena wò me fia, si le nye dukɔ Israel nyi ge la, ado atso.“


Ne eɖe ye ŋutɔ tɔwo katã do go la, edzea ŋgɔ na wo, eye alẽawo dzea eyome, elabena wodzea si eƒe gbe.


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.


Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.


Eye Saul ɖee ɖa le eɖokui ŋu hetsɔ ɖo amegã ɖe ame akpe nu, eye wòdona dzea dukɔ la ŋgɔ gagbɔna kpli wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa