Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Kronika 11:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete Israel blibo la va kpe ta de Dawid gbɔ le Xebron gblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ƒu kple wò ŋutilã míenye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Israel ha blibo la va ƒo ƒu ɖe David gbɔ le Hebron eye wogblɔ nɛ be, “Wò ŋutilã kple ʋue míenye.

Onani mutuwo Koperani




1 Kronika 11:1
11 Mawu Ofanana  

Tete Laban gblɔ nɛ bena: Nyateƒee, nɔvinye kpamkpam nènye! Ke esi wònɔ egbɔ ɣleti ɖeka la,


Eye Absalom dɔ ŋkutsalawo ɖo ɖe Israel-toawo katã me bena: Ne kpẽ ɖi miese la, ekema migblɔ be: Absalom zu fia le Xebron!


Le nya sia megbe la Dawid bia Yehowa bena: Mayi Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Yi! Eye Dawid gblɔ be: Afika yi ge mala? Yehowa ɖo ŋu bena: Yi Xebron!


Ɣeyiɣi, siwo Dawid ɖu fia ɖe Israel dzi la, le ƒe blane; eɖu fia ƒe adre le Xebron, eye wòɖu fia ƒe blaetɔ̃ vɔ etɔ le Yerusalem.


Woɖo ta dziehe vaseɖe Xebron, afisi Aximan, Sesai kple Talmai, amesiwo nye Enak viwo nɔ. Ke wotso Xebron ƒe adre megbe, hafi wova tso Zoan le Egipte.


elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye, fefe ŋutilã kple eƒe ƒuawo me mietso.


ekema naɖo fia, si Yehowa, wò Mawu, atia la, ɖe ɖokuiwò nu; natsɔ nɔviwòwo dometɔ ɖeka aɖo fia ɖe ɖokuiwò nu; mèkpɔ mɔ aɖo du bubu me tɔ, si menye nɔviwò o la, ɖe ɖokuiwò nu o.


Miƒo nu ɖe Sixemtɔwo ƒe to me bena: Kae nyo na mi wu; Yerub-Baal vi blaadreawo katã naɖu fia ɖe mia dzi loo, alo ame ɖeka naɖu fia ɖe mia dzia? Minyae bena, nyee nye mia ƒu kple mia ŋutilã!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa