4 Noa, Sem, Xam kple Yafet.
4 Noa ƒe viwo: Sem, Ham kple Yafet.
Esia nye Noa viŋutsuwo, Sem, Xam kple Yafet ƒe dzidzimeviwo ŋutinya: Le tsiɖɔɖɔ la megbe la wodzi ŋutsuviwo na wo.
Esi Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ la, edzi Sem, Xam kple Yafet.
Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.
Noa ƒe viŋutsu, siwo do go le aɖakaʋua me la, woawo nye: Sem, Xam kple Yafet; Xam sia enye Kanaan fofo.
Noa viŋutsu etɔ̃ siawo me amegbetɔwo katã dzo tso hekaka ɖe anyigba blibo la katã dzi.
Henox, Metusala, Lamex,
Yafet viwo nye: Gomer, Magog, Madai, Yawan, Tubal, Mesex kple Tiras.
eye ŋutsu etɔ siawo: Noa, Daniel kple Hiob le edzi la, woaɖe woƒe agbe le woƒe dzɔdzɔenyenye ta, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Eve alesi wòva ve me le Noa ƒe ŋkekeawo mee la, nenema wòanɔ le Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo hã me.
amesi nye Kainan vi, amesi nye Arfaksad vi, amesi nye Sem vi, amesi nye Noa vi, amesi nye Lamex vi,
Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.
eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi;