Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Tesalonikatɔwo 4:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Elabena míele esia gblɔm na mi le Aƒetɔ la ƒe nyaa de me bena, mí amesiwo susɔ le agbe yiɖase ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la, miadze ŋgɔ na amesiwo dɔ alɔ̃ la o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi be mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la mado ŋgɔ na ame siwo ku la o.

Onani mutuwo Koperani




1 Tesalonikatɔwo 4:15
19 Mawu Ofanana  

Ke esime Yerobeam le tsitre ɖe vɔsamlekpui la dzi, be yeado dzudzɔ la, kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe tso Yuda va Betel le Yehowa ƒe nya la nu.


ke boŋ netrɔ, eye nèɖu abolo heno tsi le teƒe, si ŋuti wogblɔ le na wò be, megaɖu abolo, eye megano tsi o la, eyata wò kukua made fofowòwo ƒe yɔdo me o.


Elabena alea wode se nam le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Megaɖu abolo o, megano tsi o, eye megagbugbɔ to mɔ, si neto yi o.


Eye ŋutsua ɖe tso nyagblɔɖilaviwo dome gblɔ na ehavi le Yehowa ƒe nya nu bena: Taflatse, ƒom! Ke ŋutsu la gbe eƒoƒo.


Mixa ɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe. Ne menye nya, si Yehowa alo nam la, magblɔ o fi!


Kakati bibiwo dona tsoa eƒe nu me, eye dzoxiwo hlẽna ŋeŋeŋe.


Ɖe woaɖe wò nukunuwo afia le viviti me, eye wò dzɔdzɔenyenye afia le anyigba, si dzi woŋlɔa nu be lena la dzia?


Eye wòbena: Enana! Eye esi wòva aƒe me la, Yesu tre ebiabia gblɔ bena: Simon, nuka nèsusuna? Anyigba dzi fiawo la, ameka si woxɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ lena mahã? Le woa ŋutɔwo ƒe viwo si loo, alo le amedzrowo si mahã?


Ekema amesiwo dɔ alɔ̃ le Kristo me la, hã tsrɔ̃.


Ele be, maƒo adegbe; gake menye viɖe nam o; elabena mele Aƒetɔ la ƒe ŋutegawo kple nyaɖeɖefiawo gbɔ va ge.


elabena mienya bena, amesi fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre la, afɔ míawo hã kple Yesu, eye wòatsɔ mia kpli mi siaa atu tsitre afia.


Elabena nye hã nyemexɔe tso ame si me, eye nyemesrɔ̃e hã o, ke boŋ mexɔe to Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia me.


Elabena amekae nye míaƒe mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ kple adegbeƒoƒo ƒe fiakuku la, ne menye miawo hãe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋku me le eƒe vava la me o mahã?


Ke, nɔviwo, míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.


amesi ku ɖe mía ta, bena ne míele ŋu alo míele alɔ̃ me la, míanɔ agbe kpakplii,


Ke míele kuku dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple mia ƒuƒoƒo de eyama gbã la ŋuti,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa