Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Tesalonikatɔwo 4:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 bene miazɔ nyuie de amesiwo le egodo la ŋuti, bene naneke nagahiã mi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la abu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o.

Onani mutuwo Koperani




1 Tesalonikatɔwo 4:12
15 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ na wo bena: Miawo la wona mawufiaɖuƒe la ƒe nuɣaɣla mi; ke ame mawo, siwo le egodo la, wona nuwo katã wo le lododowo me,


Migabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o! Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na amea ɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me;


Minɛ míazɔ nyuie, abe alesi dze le ŋkeke me ene, menye le aglotutuwo kple ahamumuwo, menye le ahasi wɔwɔwo kple hadzedzewo, menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o;


Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.


Mlɔeba la, nɔviwo, nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔa ɖe li, eye ne kafukafua ɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!


Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.


Miɖe mia ɖokui ɖa tso vɔ̃ sia vɔ̃ ƒomevi me!


Ke ele ne be, wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui atso amesiwo le egodo la hã gbɔ, bene wòagadze dzudzu kple Abosam ƒe mɔ̃tetre me o.


eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia dokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne amea ɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nyaa ɖeke magblɔ la naɖe wo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa