Minɔ menye, eye nye hã manɔ mia me. Alesi alɔ la mate ŋu atse le eɖokui si, ne menɔ weinti la ŋuti o la, nenema ke miawo hã, ne mieno menye o la, miele eŋute ge atse o.
Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.
Ɖeko mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene, bena ne mava, eye makpɔ mi ɖa, alo ne nyemele mia gbɔ o, eye mase mia ŋkɔ la, bena miano tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye miatso luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuie ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mia nɔewo ŋuti;
nenye bena, mienɔ xɔse me, abe amesiwo gɔme wodo anyi, eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyuie ƒe mɔkpɔkpɔ, si miese, si woɖe gbe ƒã na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te, esi ƒe subɔla nye Paulo mezu la me o.
Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi.
Azɔ la, mi lɔlɔ̃tɔwo, esi mienya nusiawo ɖi ŋuti la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene ame gblẽkuwo ƒe beble nagahe mi ayii o, eye mìagadze anyi atso mia ŋutɔwo miaƒe kelili la me o.