Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Tesalonikatɔwo 2:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke míawo la, nɔviwo, esi woɖe mi ɖa tso mia gbɔ ɣeyiɣi kpuia ɖe le ŋku me — menye le dzi me o la — geɖe wu mieɖo vevie, eye wòdzro mí ŋutɔ bena, míakpɔ mia ŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Nɔvi lɔlɔ̃awo, esi míedzo le mia gbɔ le ɣeyiɣi kpui si va yi me la (míaƒe dziwo ya medzo le mia gbɔ o), míedze agbagba ɖe sia ɖe be míagava kpɔ mi ɖa, gake mete ŋu dze edzi o.

Onani mutuwo Koperani




1 Tesalonikatɔwo 2:17
16 Mawu Ofanana  

Ke esi nèdzo, elabena aƒe le dzrowòm vevie la, nukaŋuti nefi nye mawuwo?


Eye Israel gblɔ bena: Esɔ gbɔ be, vinye Yosef gale agbe! Mayi aɖakpɔe ɖa hafi aku!


Tete Israel gblɔ na Yosef bena: Nyemesusu be, magakpɔ wo ŋku me o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwò wo gɔ̃ hã.


Ke ele fia Dawid dzrom vevie be, yeatsɔe ake Absalom; elabena eƒe akɔ fa le Amnon, si ku la ta.


Eye wògblɔ nɛ bena: Nye dzi de kpli wò tso, esime ŋutsua ɖe tre heɖi go le eƒe tasiaɖam me va kpe wò. Alo klosalo kple awuwo, amitiwo kple weingblewo, alẽwo kple nyiwo, dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo xɔɣienye esia?


Dawid ƒe ha, le esime wòle Yuda-gbedzi.


Elabena ne mia kple wò ketɔ miele fia ƒe ŋku me yim la, dze agbagba le mo dzi be, naɖe ɖokuiwò le esi me; ne menye nenem o la, ahe wò ayi ʋɔnudrɔ̃la gbɔ, eye ʋɔnudrɔ̃la aɖe wò asi na atikplɔtɔ, eye atikplɔtɔ la ade wò gaxɔ me.


Eye wògblɔ na wo bena: Medi vevie ŋuta bena, maɖu ŋutitotolẽvi sia kpli mi, hafi ne makpe fu;


Ke nɔviawo dɔ Paulo kple Sila ɖe Beroia enumake le zã me. Esi woawo ɖo afima la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe me.


Nɔviwo, nyemele didim be, miaganyae o bena, meɖo tame edziedzi be, mava mia gbɔ, ke woxe mɔ nam vaseɖe fifi, bene makpɔ kutsetse le mia dome hã, abe alesi mekpɔ le dukɔ bubuwo dome ene.


Ke azɔ esi teƒe megali nam le afisia nutowo me o, eye wòle dzroyem vevie ƒe geɖe enye si bena, mava mia gbɔ la,


Ke nye amesi mele mia gbɔ le ŋutilã me o, gake mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me la, medrɔ̃ ʋɔnu amesi wɔ nusia la xoxo, abe ɖe mele mia gbɔ ene?


Elabena ne nyemele mia gbɔ ɖe ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me, eye dzi le dzoyem, esi mekpea miaƒe ɖoɖo kple miaƒe Kristo dzixɔse ƒe kelili.


Ke azɔ la, esi Timoteo tso mia gbɔ va mia gbɔ, eye wòhe dzidzɔnya vɛ na mí le miaƒe xɔse kple miaƒe lɔlɔ̃ ŋuti, eye bena mietsɔa ŋkuɖoɖodzi nyui ɖoa ŋku mía dzi ɖaasi, eye bena edzroa miawo hã be, míakpɔ mí, abe alesi wòdzroa míawo hã be, miakpɔ mi ene la ŋuti;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa