Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 9:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke nyanyuie la ta mewo wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Mewɔ esia be makaka nyanyui la na amewo katã eye to esia me la, nye hã maxɔ yayra tɔxɛ.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 9:23
14 Mawu Ofanana  

Elabena amesi ke di be, yeade yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi atsrɔ̃ eƒe agbe le nye kple nyanyuie la ŋuti la, aɖee.


Ke ne wòŋe alɔwo dome ɖewo ɖa, eye wò, si nye gbemiti la, wotsɔ wò do ɖe wo dome, eye nèkpɔ amiti la ƒe kè kple eƒe atimetsi ƒe gome kpli wo la,


Ne ame bubuwo kpɔ ŋusẽ sia ƒe gome ɖe mia dzi la, ɖe miawo míekpɔe wu woawo o mahã? Gake miewɔa ŋusẽ sia ŋuti da o, hafi míetsɔa wo katã kpoo boŋ, bene míagaxe mɔ na Kristo ƒe nyanyuie la o.


Mezu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, bene asinye nasu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo dzi; amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome amea ɖewo kokoko.


Klo mienyae bena, amesiwo le duɖime kem le dusiƒe la, wo katãe kenɛ hafi, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la o mahã? Mike duɖime nenema, ne miaƒe asi nasu edzi!


Elabena le fukpekpe geɖe kple dzimexaxa me metsɔ adatsi geɖe ŋlɔ ɖo ɖe mi, menye bene wòana miaxa nu o, hafi bene miadze si lɔlɔ̃, si metsɔ lɔ̃ mi vevie wu la.


amesiwo miena mɔ ɖo to wo gaƒoƒo ɖeka hɔ̃ o, bene nyanyuie la ƒe nyateƒe nanɔ te la mia gbɔ ɖaasi.


Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi.


Agbledela, si dzea agbagba la, ele nɛ be, wòatre kutsetse la ƒe ɖe ɖuɖu.


Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,


Elabena míezu Kristo ƒe gomekpɔlawo, nenye be, míalé miaƒe dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu la.


Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be:


nusi miekpɔ, eye miese la, mieɖea gbe ƒãe na miawo hã, bene miawo hã miado ƒome kpakpli mí, eye míaƒe ƒomedodo la li kple Fofo la kpakple Via Yesu Kristo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa