Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 9:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Elabena ne menye ɖokuisime, si vo tso amewo katã gbɔ hã la, metsɔ ɖokuinye wo amewo katã ƒe dɔla, bene asinye nasu ame geɖeawo dzi;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Viɖe tɔxɛ aɖe le esia me, eye eyae nye be ame aɖeke mate ŋu azi dzinye le mɔ aɖeke nu o, elabena ame aɖeke kura mele fe xem nam o. Gake melɔ̃ faa be mawɔ ɖokuinye kluvi na ame sia ame ƒomevi, ale be to esia me la, mate ŋu akplɔe va Yesu Kristo gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 9:19
21 Mawu Ofanana  

Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse enye agbeti, eye nunyala xɔa dziwo na eɖokui.


Ke ne nɔviwò wo nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema eɖe nɔviwò.


Helatɔwo kple Barbaratɔwo, nunyalawo kple ame manyanuwo katã ƒe fenyila menye.


bene negbe ɖeko mana nye ŋutilãtɔwo aʋa ŋu, eye maxɔ wo dome ɖewo ɖe agbe.


Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene woatsɔe atu;


Ke menye mia ŋutɔwo ƒe dzitsinyae mewɔnɛ o, ke ame keme to boŋ; elabena nukaŋuti ame bubu ƒe dzitsinya adrɔ̃ ʋɔnu nye ablɔɖenyenye ma?


abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.


Elabena wò nyɔnu, aleke nènyae bena, ale ŋu axɔ srɔ̃wò ɖe agbe mahã? Alo wò ŋutsu, aleke nènyae bena, ate ŋu axɔ srɔ̃wo ɖe agbe mahã?


Ɖe nyemenye apostolo oa? Ɖe nyemenye ɖokuisime oa? Ɖe nyemekpɔ Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la oa? Menye miawoe nye nye dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me oa?


Mikpɔ ɖa, esiae nye zi etɔ̃lia medzra ɖokuinye ɖo bena, mava mia gbɔ, eye nyemanye agba na mi o; elabena nyemele miaƒe nuwo dim o, ke mia ŋutɔwo dim mele boŋ. Elabena medze bena, viwo natu nuwo ɖo na wo dzilawo o, hafi dzilawo natu nuwo ɖo na viwo boŋ.


Elabena wowɔ wo katã le mia ta, bene amenuveve, si sɔ gbɔ ɖe dzi to ame geɖeawo dzi la, nana akpedada la nagba go hena Mawu ƒe kafukafu.


Elabena mieɖea gbe ƒã mía ɖokui o, ke boŋ Kristo Yesu, bena eyae nye Aƒetɔ la, ke míawo míenye subɔlawo le Yesu ŋuti,


Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo. Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti ko na mi o!


Elabena, nɔviwo, woyɔ mi va ablɔɖenyenye gbɔ; ɖekoe ablɔɖenyenye la naganye mɔnunana ŋutilã o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me!


Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.


Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi.


Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia dokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne amea ɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nyaa ɖeke magblɔ la naɖe wo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa