Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 9:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ne ame bubuwo kpɔ ŋusẽ sia ƒe gome ɖe mia dzi la, ɖe miawo míekpɔe wu woawo o mahã? Gake miewɔa ŋusẽ sia ŋuti da o, hafi míetsɔa wo katã kpoo boŋ, bene míagaxe mɔ na Kristo ƒe nyanyuie la o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣe sia ɣi. Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ esia la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Kristo ƒe nyanyui si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 9:12
23 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu na wo bena: Migasikam ɖi o! Yehowa na nye mɔzɔzɔa dze edzi nam; eyata mido mɔm, ne mayi nye aƒetɔ gbɔ.


Eye mekpɔe hetsi tre gblɔ na bubumewo, amegãwo kple ame susɔeawo bena: Migavɔ̃ wo o; miɖo ŋku Aƒelɔ gã dziŋɔ la dzi, eye miwɔ aʋa ɖe mia nɔviwo, miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta!


Baba na mi sefialawo! Elabena mietsɔ nunya ƒe safui la dzoe, mia ŋutɔwo mieyi ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme la, miexe mɔ na wo.


eye esi wònye aɖaŋu ɖeka ƒomevi wowɔna ta la, enɔ wo gbɔ, eye wowɔ ɖo; ke le woƒe aɖaŋuwɔwɔ nu la avɔgbadɔwɔlawo wonye.


Esiaŋuti hã kuxi kum edziedzi bena, nyemete ŋu va mia gbã haɖe o.


Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.


Ke azɔ esia menyo na mi kura o bena, nyadɔdrɔ̃wo le mia dome ɖe mia nɔewo ŋuti. Nukaŋuti miena wowɔ vɔ̃ ɖe mia ŋuti boŋ oa? Nukaŋuti miena woba mi boŋ oa?


Nenema ke Aƒetɔ la ɖo na amesiwo gblɔa nyanyuie fiana la bena, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyuie la me.


Ke nye la nyemewɔ nusiawo ƒe ɖeke ŋuti dɔ kpɔ o; eye nyemeŋlɔ nusiawo, bene woawɔ nenema nam o; elabena ne meku la, anyo nam awu esi amea ɖe naɖi gbɔ nye kafukafu.


Elabena ne megblɔ nyanyuie fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyuie la fia o la, baba nam!


Azɔ ɖe, nukae nye nye fetua? Eyae nye bena, nye amesi le nyanyuie la gblɔm la, mana fetu naganɔ nyanyuie la ŋuti o, bene nyemagawɔ nye ŋusẽ la ŋuti do le nyanyuie lã ŋuti o.


Ne nyemenye apostolo na ame bubuwo o hã la, menyee na mi; elabena miawoe nye nye apostolonyenye ƒe nutrenu le Aƒetɔ la me.


Ke nusi mewɔna la, mawɔe hã, bene mana mɔnukpɔkpɔ nu natso na amesiwo dia mɔnu, bene woakpɔ wo le nusi me woƒo adegbe le la me abe míawo hã ene.


Elabena ne amea ɖe wɔ mi kluviwo, ne amea ɖe ɖu mi keŋ, ne amea ɖe lé mi, ne amea ɖe do eɖokui ɖe dzi, ne amea ɖe ƒo mo na mi la, miedoa dzi tsɔnɛ.


Ke esi meva Troa Kristo ƒe nyanyuie gblɔ ge, eye woʋu ʋɔtru nam le Aƒetɔ me la,


Miena nuɖiaɖiaa ɖeke le naneke me o, bene womagaka mo na míaƒe subɔsubɔ la o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa