Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 8:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke menye amewo katã mee sidzedze sia le o; ke amea ɖewo li, siwo ƒe tamesusuwo gale trɔ ŋuti vaseɖe egbegbe sia, eye woɖunɛ abe trɔ̃wo ƒe vɔsa ene, eye esi woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ŋuti la, eyata woƒo ɖii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Ke menye ame sia amee nya esia o. Ame aɖewo la, trɔ̃wo ƒe nuwo ma wo ale gbegbe be ne woɖu nu siawo tɔgbiwo la, wogabuna be trɔ̃woe wotsɔe sa vɔe na, eye esi wònye woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ta la, woƒe dzitsinya bua fɔ wo.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 8:7
11 Mawu Ofanana  

ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu.


Menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me bena, naneke menye kɔgblẽɖonu le eɖokui si o, negbe amesi ke bua nane kɔgblẽɖonu la, eyama wòzu kɔgblẽɖonu na.


Ke nɔvinyewo, nye ŋutɔ meɖo ŋu ɖe mia ŋu keŋ bena, míenye amesiwo dɔmenyonyo yɔ fũ, eye sidzedze yɔ mi taŋtaŋ, bene miate ŋu axlɔ̃ nu mia nɔewo hã.


Nusianu, si wodzrana le lãƒleƒe la, miɖui faa, eye migabia eta se le dzitsinya ŋuti o.


Ke le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ŋuti la mienyae bena, sidzedze li na mi katã. Sidzedze la doa ame ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ la tua ame.


Azɔ mienya le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti bena, trɔ̃a ɖeke mele xexe sia me o, eye bena, mawu bubua ɖeke hã meli o, negbe ɖeka hã koe li.


Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa