Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 7:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 eye amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womelé eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 Nenema ke ame siwo wɔa xexe sia me nuwo ŋu dɔ nanɔ abe ɖe wometsɔ ɖeke le xexemenuwo me o ene. Elabena ale si xexe sia me le fifia la nu ava yi kpuie.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 7:31
26 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.


Aƒetɔ, ne ènyɔ la, àdo vlo woƒe nɔnɔme abe drɔ̃ekuku le nyɔnyɔ megbe ene.


Dzidzime nu yina, eye bubu vana; ke anyigba ya li tegbee.


Ma nu ɖe akpa adre, ɖe akpa enyi, elabena menya dzɔgbevɔ̃e ka le anyigba dzi va ge o.


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


Ke esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, manɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene;


eye amesiwo le avi fam la, nanɔ abe ɖe womele avi fam o ene; eye amesiwo le dzidzɔ kpɔm la, nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene; eye amesiwo le nu ƒlem la, nanɔ abe ɖe naneke mele wo si o ene;


Azɔ ɖe, nukae nye nye fetua? Eyae nye bena, nye amesi le nyanyuie la gblɔm la, mana fetu naganɔ nyanyuie la ŋuti o, bene nyemagawɔ nye ŋusẽ la ŋuti do le nyanyuie lã ŋuti o.


Ke „zi ɖeka“ sia, si wògblɔ la, fia nusiwo woʋuʋu la ɖeɖeɖa, abe nusiwo wowɔ, bena nusiwo womeʋuʋu o la, nanɔ anyi ene.


Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye.


Elabena „ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna;


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa