Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 7:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 eye amesiwo le avi fam la, nanɔ abe ɖe womele avi fam o ene; eye amesiwo le dzidzɔ kpɔm la, nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene; eye amesiwo le nu ƒlem la, nanɔ abe ɖe naneke mele wo si o ene;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Ame siwo le nu xam la, nanɔ abe ɖe womele nu xam o ene, dzidzɔkpɔlawo nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene, eye ame siwo ƒle nuwo kɔ ɖi la nawɔ abe nuawo ɖe menye wo tɔ o ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 7:30
14 Mawu Ofanana  

Midzi kafukafuha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la!


avifaɣi li, eye nukoɣi li; konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li;


Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.


Zion-dukɔ, si le Yerusalem, meganɔ avifafa dzi o, elabena ave nuwò vavã le wò aƒadodo ta; ne enya see ko la, atɔ na wò.


Azã la ɖo, ŋkeke la ɖe, nuƒlela makpɔ dzidzɔ o, eye nudzrala maxa nu o; elabena dɔmedzoe va woƒe amehawo katã dzi


Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem.


Woayra mi, amesiwo dɔ le mia wum azɔ la, elabena míaɖi ƒo. Woayra mi, amesiwo le avi fam azɔ la, elabena miako nu.


Baba na mi, amesiwo ƒe ƒodo yɔ; elabena dɔ awu mi. Baba na mi amesiwo le nu kom azɔ la, elabena miafa konyi, eye miafa avi.


Azɔ miawo hã miele nu xam fifia; ke magakpɔ mi, eye miaƒe dzi lakpɔ dzidzɔ, eye miaƒe dzidzɔ la, amea ɖeke maxɔe le mia si o.


Ke esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, manɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene;


eye amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womelé eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.


Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwo fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o.


elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa