Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 7:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Ke esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, manɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Nɔviwo, nu si gblɔm mele lae nye be: Ɣeyiɣi la le kpuie, eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wo si o ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 7:29
23 Mawu Ofanana  

Eye fia la gblɔ na Barsilai bena: Yi kplim, eye nanɔ gbɔnye, makpɔ dziwò le Yerusalem!


Elabena ameka nya nusi nyo na amegbelɔ le agbe me, le eƒe agbe ƒuƒlu, si wònɔ abe vɔvɔli ene la ƒe ŋkekewo katã me? Elabena ameka agblɔ nusi adzɔ le amegbetɔ megbe le ɣea te la nɛ?


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Azã la ɖo, ŋkeke la ɖe, nuƒlela makpɔ dzidzɔ o, eye nudzrala maxa nu o; elabena dɔmedzoe va woƒe amehawo katã dzi


Eye bubu gblɔ bena: Meɖe srɔ̃; eyata nyemate ŋu ava o.


Ke ne eɖe srɔ̃ hã la, mèwɔ nuvɔ̃ o; eye ne ɖetugbi ɖe srɔ̃ la, mewɔ nuvɔ̃ o; ke nenem me siawo akpɔ xaxa le ŋutilã me. Ke nye la ɖe mekpɔ mia nublanui.


eye amesiwo le avi fam la, nanɔ abe ɖe womele avi fam o ene; eye amesiwo le dzidzɔ kpɔm la, nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene; eye amesiwo le nu ƒlem la, nanɔ abe ɖe naneke mele wo si o ene;


eye amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womelé eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.


Elabena „ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna;


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa