Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 7:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke mede se na srɔ̃tɔwo — hafi menye nyee o, ke Aƒetɔ lae boŋ — be, nyɔnu nagagbe srɔ̃a o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo (menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae) be srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 7:10
13 Mawu Ofanana  

Israel ƒe aƒe, Yehowa be: Alesi nyɔnu dzea go tsoa srɔ̃a gbɔ la, nenema miedze go tso gbɔnyee!


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eva menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o la, eyae na wòwɔ ahasi; eye amesi ke aɖe nyɔnu, si ŋu wòɖe asi le la, ewɔ ahasi.


Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wobiae hele etem kpɔ bena: Alo woɖe ma na ŋutsu bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu mahã?


Amesiame, si aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi; eye amesi aɖe esi ŋu ŋutsua ɖe ɖe asi le la, ewo ahasi.


Ke ne egbee la, nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawo ɖeka kpakple srɔ̃ŋutsu la; eye ŋutsu hã nagagbe srɔ̃a o.


Ke ame mamlewo la, nyee le egblɔm na wo — menye Aƒetɔ lae o — bena, ne nyɔnu, si mexɔ se o la, le nɔvia ɖe si, eye wòdze nyɔnua ŋu bena, yeana egbɔ la, negagbee o.


Ke ne amesi mexɔ se o la, gbe srɔ̃a la, negbee faa! Nɔviŋutsu alo nɔvi nyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me.


Ke ɖetugbiwo la, nyemexɔ asea ɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le wo ŋuti o, gake maɖo aɖaŋu na wo, abe amesi kpɔ nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ, bene manye nuteƒewɔla la ene.


Ke nenye be, enɔ anyi nenema srɔ̃maɖemaɖee la, woayrae awu le nye tamesusu nu. Ke mebuna bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le nye hã menye.


Ke mele esia gblɔm le mɔnana nu, eye menye le sedede nu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa