Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 6:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mienyae bena, miadrɔ̃ ʋɔnu mawudɔlawo oa, ʋuu keke wòahayi agbe sia me nuwo nye gea?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Alo mienya be gbe aɖe gbe la, mí kristotɔwoe adrɔ̃ ʋɔnu mawudɔla siwo le dziƒo gɔ̃ hã, ʋuu keke wòahayi agbe sia me nuwo nye ge oa?

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 6:3
14 Mawu Ofanana  

tso amegbetɔwo si me kple wò asi, Yehowa, tso ame kodzogbeawo si me, amesiwo kpa woƒe gome le agbe me, eye nètsɔ wò kesinɔnuwo te ɖe ko me na wo; viwo bɔ ɖe wo si kpaŋ, eye wogblẽ woƒe nu susɔeawo ɖi na wo viwo.


Mlɔeba la amegã ɖeɖi la va, eye wòtso afia na dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo, eye azã ɖe be, ame kɔkɔeawo naxɔ fiaɖuƒe la.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


Eye esi ge ɖe ŋuwo me la, woawo nye amesiwo see, eye wodzo heyi, eye agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo vu tsyɔ wo dzi, eye wometsena ɖina o.


Ɖe mienyae bena, amesi mietso mia ɖokui wɔ kluvi na, bene miaɖo toe la, miezu amesi mieɖoa toe la ƒe kluviwo, eɖanye nuvɔ̃ tɔ hena ku o alo toɖoɖo to hena dzɔdzɔenyenye o mahã?


Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilãwo la Kristo ƒe ŋutinuwo wonye o mahã? Aleke lawɔ matsɔ Kristo ƒe ŋutinuwo awɔ ahasiwɔla ƒe ŋutinuwo mahã? Gbeɖe!


Alo ɖe mienyae bena, amesi tsɔ eɖokui lé ɖe ahasiwɔla ŋuti la, eya kplii enye ŋutilã ɖeka oa? Elabena wogblɔ bena: „Wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka.“


Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa?


Azɔ la ne agbe sia me nyadɔdrɔ̃a ɖe le mia si la, mietsɔ amesiwo woɖoa vlo le ha me la boŋ ɖo ʋɔnudrɔlawoe!


Amea ɖeke menɔa aʋa wɔm so gatsɔa eɖokui dea nuɖuɖudɔwɔwɔwo me o, bene wòadze amesi tsɔ aʋae la ŋu.


Elabena Dema gblẽm tii, le esi wògalɔ̃ fifi xexe sia me la ŋuti, eye wòyi ele Tesalonika; Kreske yi de Galatia, Tito yi de Dalmatia.


Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃;


Eye mawudɔla, siwo medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la, wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa