Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 6:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Woɖe nuwo katã ƒe mɔ nam, ke menye nuwo katãe nyona na ame o. Woɖe nuwo katã ƒe mɔ nam, ke menye nyee le nana ge nane nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Mɔɖeɖe li be míate ŋu awɔ nu sia nu faa” ne Aƒetɔ Yesu mede se tɔxɛ aɖeke ɖe wo ŋu o. Esia anya nɔ eme alea gake menye nu sia nu wɔwɔe nyona na ame o. Ame ate ŋu awɔ nu sia nu faa ne mɔɖeɖe li gake menyo be ame nazu kluvi na naneke kura o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 6:12
12 Mawu Ofanana  

Ne ŋutsua mlɔ nyɔnua ɖe gbã, hafi nyẽ tsia la, ekema woa kple eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Eyaŋuti Yudatɔwo gblɔ na amesi ŋu woda gbe le la bena: Egbee nye Sabat, eye womeɖe mɔ na wò be, natsɔ wò aba o.


Elabena míenyae bena, se la nye gbɔgbɔmenu, ke nye la ŋutilã me menye, wotsɔm ƒle ɖe nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ te.


Azɔ mienya le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti bena, trɔ̃a ɖeke mele xexe sia me o, eye bena, mawu bubua ɖeke hã meli o, negbe ɖeka hã koe li.


Ne ame bubuwo kpɔ ŋusẽ sia ƒe gome ɖe mia dzi la, ɖe miawo míekpɔe wu woawo o mahã? Gake miewɔa ŋusẽ sia ŋuti da o, hafi míetsɔa wo katã kpoo boŋ, bene míagaxe mɔ na Kristo ƒe nyanyuie la o.


hafi meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazɔ ame madzemadze o.


menye ɖe ŋusẽ mele mía si o, ke boŋ bene míawo mia ɖokui kpɔɖeŋu na mi, bena miasrɔ̃ mí.


Amesiawo nye ɖiƒoƒo le miaƒe lɔlɔ̃nuɖuɖuwo me, esi woɖua nutsu nyia wo ɖokui le mia gbɔ vɔvɔ̃ manɔmee; alilikpo tsi manɔme, siwo ya ƒona yina gbɔna la, wonye; ati, siwo dzi kutsetse menɔa le nuŋeɣi o, siwo ku zi eve, eye woho wo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa