Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 5:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eyata mitsɔ amɔwɔ ʋaʋã xoxo la ƒu gbe, bene mianye amɔwɔ yeye, abe alesi míenye amɔwɔ maʋamaʋã ene; elabena wowu míaƒe ŋutitotolẽvi, si nye Kristo la hã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Miɖe ame vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome, bena miaƒe ŋkɔ nagagblẽ o, eye mianɔ dzadzɛe. Miɖo ŋku edzi be wowu Kristo, ame si nye Mawu ƒe Alẽvi la, abe ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalẽvi ene na mí.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 5:7
19 Mawu Ofanana  

Ŋkeke adre sɔŋ mianɔ abolo maʋamaʋã ɖum; tso ŋkeke gbãtɔ dzi ke miaɖe amɔwɔ ʋaʋã ɖa tso miaƒe xɔwo me, elabena amesi ke agaɖu abolo ʋaʋã tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke adrelia dzi la, woaɖee ɖa le Israel-viwo dome.


Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amɔwɔ ʋaʋã, si nyɔnua ɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu etɔ̃ me, halase esime wòʋã keŋkeŋ.


Eye abolo maʋamaʋã ƒe ŋkeke gbãtɔ, si dzi wowua ŋutitotolẽvi la le la, eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Afika dim nèle be, miayi aɖadzra do, ne naɖu ŋutitotolẽvi la le mahã?


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


eye esi wòkpɔ Yesu, si le tsa ɖim, dzi dũ la, egblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvie nye ekem.


Ke enye ŋutitoto la ƒe dzadzraɖoŋkeke, eye anɔ gaƒoƒo adelia dzi. Eye wògblɔ na Yudatɔwo bena: Mikpɔ miaƒe fia la ɖa!


amesi Mawu ɖe avulénu to xɔse me le eƒe ʋu la me, bene yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia, le esi wòŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃, siwo wowɔ tsã la dzi, le esime Mawu ɖo dzi la ŋuti,


Elabena abolo ɖekae, ŋutilã ɖeka mi ame geɖewo míenye, elabena mí katã mieɖua abolo ɖeka la ƒe ɖe.


Ke amesiwo le egodo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu woawo. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋuta mia dome!


bena miaɖe ame xoxo, si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ la nu, si gblẽa eɖokui le amebeble ƒe nudzodzrowo me la ɖa;


wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa