Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 4:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena mele susum bena, Mawu tsɔ mí apostolowo wɔ mamletɔwo, abe amesiwo woɖo anyi na ku ene, elabena míezu nukpɔkpɔ na xexeame kple mawuɖɔlawo kple amewo siaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Elabena edzena nam be Mawu tsɔ mí apostolowo da ɖe fli la ƒe nuwuwu abe ame siwo wotso kufia na woyina wuwu ge le dutoƒo la ene. Wodo kpɔkpɔ mí le xexea me katã le mawudɔlawo kple amegbetɔwo gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 4:9
21 Mawu Ofanana  

enye ne mía Mawu madi egɔme oa? Elabena enya dzi me gogloeaƒe ke.


Nuku menye na ame geɖewo, ke wòe nye nye sitsoƒe sesẽ.


Eye du blibo la katã yɔ fũ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ, eye woƒu du r--- kple tame ɖeka yi ɖe dukɔ la ƒe takpeƒe, eye wohe Gayo kple Aristarxo, Makedoniatɔ, siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhawo la, yii.


Eye Asia-amegãa ɖewo hã, amesiwo nye xɔlɔ̃awo la, dɔ ɖo ɖe egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, megayi ɖe dukɔ la ƒe takpeƒe la o.


Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ŋutiwò la wowua mí ʋuu le ŋkeke bliboa katã me, wobua mí abe alẽ, siwo woyina wuwu ge la ene.“


Ne míekpɔ mɔ na Kristo le agbe sia me ɖeɖeko la, ekema míenye nublanuitɔwo wu amewo katã.


Kristo ƒe subɔlawo wònyea? — Mele nu ƒom abe amesi ƒe tame ɖa la ene — Nyee wu: Le agbagbadzedze geɖe wu me, le ƒoƒo geɖe akpa me, le gaxɔmedede geɖe wu me, le ku me agbadre.


abe amesiwo womenya o ene, gake amesiwo wodze si kɔte la woe; abe amesiwo le kukum ene, gake kpɔ ɖa, míele agbe; abe amesiwo woƒo ene, gake womewu wo o;


bene amea ɖeke nagaʋuʋu le xaxa siawo me o; elabena mia ŋutɔwo mienyae bena, esiawo ke ŋuti woɖo mí ɖo;


Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?


eye wotsɔ ŋukpedodowo kple xaxawo wɔmi du ƒe nukpɔkpɔ, eye míezu amesiwo wowɔ nenema ke la ƒe hadelawo.


ke ame bubuwo la woto fewuɖuɖu kple ƒoƒo ƒe dodokpɔ me, ke gawu la bablawo kple gaxɔ me nɔnɔ me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa