Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 4:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena ameka na nèto vovo ma? Eye nukae le asiwò, si mèxɔ oa? Ke ne wò hã nèxɔe la, nukaŋuti nèle adegbe ƒom abe menye ɖe nèxɔe ene oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Elabena ame kae wɔ mi mieto vovo tso ame bubuwo gbɔ? Nu kae le mia si, si menye Mawue na mi o? Ke ne mielɔ̃ ɖe edzi be nu siwo katã le mia si la nye nunana tso Mawu gbɔ la, nu ka ta miele dadam abe ɖe wosu mia si to mia ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze me ene?

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 4:7
29 Mawu Ofanana  

Elabena Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso;


Ƒo nu gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Egipte-fia Farao, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina hele gbɔgblɔm be: „Tɔnyee nye tɔsisi la, eye nyee wɔe.“


Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar.


Eɖo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu, eye wofɔ eƒe aƒe me nuwo vɛ na wò, mia kple wò amegãwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo mieno wein le wo me, eye nèkafu mawu, siwo nye klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe, siwo mekpɔa du o, womesea nu o, eye womedzea si nu o; ke Mawu, amesi si me wò agbe kple wò mɔwo katã le la, mede bubu eya ŋu o.


Eye esi wòyɔ eƒe dɔlawo dome ame ewo ve la, etsɔ pounde ewo na wo, eye wògblɔ na wo bena: Mitrɔ le wo dzi, vaseɖe esime magagbɔ.


Elabena tso eƒe agbɔsɔsɔ me la mi katã miexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi.


Yohanes ɖo ŋu gblɔ bena: Ame mate ŋu axa naneke o, ne menye ɖe wonae tso dziƒo o.


amesi me miekpɔ amenuveve kple apostolonyenye le na xɔse ƒe toɖoɖo le dukɔwo katã dome le eƒe ŋkɔ ŋuti,


Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.


eye amenuvevenunana, siwo le vovovo la, le mía si le amenuveve, si wona mí la nu; Nenye nyagbɔgblɔɖi la, miagblɔ nya ɖi le xɔse la nu:


Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.


Azɔ ɖe, amekae nye Apolo? Amekae nye Paulo? Subɔlawo wonye, amesiwo dzi mieto xɔ dzi se la, eye amesiame le abe alesi Aƒetɔ lã nae la ene.


Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?


Elabena mele didim bena, amewo katã nanɔ anyi, abe alesi nye hã mele ene; gake amesiame kpo ye ŋutɔ ƒe amenuvevenuna tso Mawu gbɔ, amea ɖeka kpɔ esi, eye ame bubu hã kpɔ bubu.


Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa ɖeke meli o.


Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa