Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke nɔviwò, nusiawo megblɔ heɖo mía kple Apolo ŋuti le mia ta, bene miasrɔ̃ nu le mía gbɔ, bena miagasusu awu nusi woŋlɔ ɖi la o, bena mia dome amea ɖeke nagado eɖokui ɖe dzi le ame ɖeka ta ɖe ame bubu ŋuti o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Nɔviwo, ɖeko metsɔ Apolo kple nye ŋutɔ le kpɔɖeŋu ɖom na mi be maɖe nu si gblɔm mele la me na mi nyuie, ale be miase nya siwo woŋlɔ ɖi la gɔme; nya si woŋlɔ be, “Mègatsɔ naneke kpe nu si woŋlɔ da ɖi la o.” Ale miagade bubu ame aɖe ŋu wu ame bubu o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 4:6
35 Mawu Ofanana  

Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o!


Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo, newɔ la,


Eyata miɖe asi le amegbetɔ, si ƒe ŋɔti me gbɔgbɔ le la ƒe nya me, elabena nukata gɔ̃ woabui ɖo?


Ke Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Apolo, Aleksandriatɔ tso dzodzo me, ŋutsu, si nya nuƒoƒo, eye wòsẽa ŋu le ŋɔŋlɔawo me la, va Efeso.


Esime Apolo le Korinto la, eva me be, Paulo to kɔkɔƒenutowo me va Efeso, eye wòkpɔ nusrɔ̃laa ɖewo;


Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.


Ke mele esia gblɔm bena, mia dome ɖesiaɖe gblɔna bena: Nye la, Paulo to menye! Nye la, Apolo to menye! Nye la, Kefa tɔ menye! Nye la, Kristo to menye!


Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Magblẽ nunyalawo ƒe nunya dome, eye maɖe gɔmeselawo ƒe gɔmesese ɖa.“


bene amesi ke ƒoa adegbe la, naƒo adegbe le Aƒetɔ la me, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.


Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lolo fa meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o,


Elabena xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ, elabena woŋlɔ ɖi bena: „Eléa nunyalawo le woƒe aɖaŋu vɔ̃ me.“


Eyata amea ɖeke nagaƒo adegbe le amewo ŋuti o, elabena nuwo katã nye mia tɔ,


Eye miawo la mieɖo mia ɖokui ɖe dzi, eye miefa konyi boŋ, bene woaɖe amesi wɔ nusia la ɖa le mia dome o mahã?


Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?


Ke le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ŋuti la mienyae bena, sidzedze li na mi katã. Sidzedze la doa ame ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ la tua ame.


Ke nyanyuie la ta mewo wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.


Elabena mieɖo dzi bena, míabu mia ɖokui akpe ɖe amea ɖewo ŋu, alo miatso mía ɖokui aɖo amea ɖewo, siwo kafua wo ɖokui la ŋu o; ke ame mawo la, esi wotso woa ŋutɔwo ɖokui dzidze wo ɖokui, eye wotsɔ wo ɖokui ɖo woa ŋutɔwo ɖokui ŋu ŋuti la, womenya nu o.


Mieƒoa adegbe wògbɔa eme le ame bubuwo ƒe dɔwɔƒewo ŋu o; ke mɔkpɔkpɔ le mía si bena, ne miaƒe xɔse le tsitsim la, míatsi azu gã le mia dome le míaƒe dzidzeka la nu,


Ɖe miekpɔa nusiwo le ŋku me la ɖa? Ne amea ɖe ɖoa ŋu ɖe eɖokui ŋu bena, Kristo to yenye la, ekema eyama nagasusu esia hã le eɖokui me bena, alesi ke ye ŋutɔ nye Kristo tɔ la, nenema ke míawo hã míenye eto.


Elabena ne amesi gbɔna la, le gbe ƒã ɖem Yesu bubu, si míeɖe gbe ƒãe o la, alo ne miexɔ gbɔgbɔ bubu, si miexɔ tsã o la, alo miexɔ nyanyuie bubu, si miexɔ tsã o la, ekema mieɖoa dzi xɔnɛ nyuie!


Fifia katã miele susum bena, míele mía ɖokui ta ʋlim le mia gbɔ. Míele nu ƒom le Mawu ƒe ŋku me le Kristo me; ke, lɔlɔ̃tɔwo, míele wo katã wɔm le miaƒe ŋgɔgbedede ta.


Elabena mele vɔvɔ̃m bena, ne meva mia gbɔ la, nyemakpɔ mi abe alesi mele didim ene o, eye miawo la míakpɔ nye hã, abe alesi miele didim o ene; bena dzrewɔwɔwo, ŋuʋaʋãwo, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, ameŋuzɔzɔwo, sakplisasawo, ɖokuidodoɖedziwo, nyamanyamawɔwɔwo anɔ anyi,


Ke nenye ɖe maɖi be, maƒo adegbe la, nyemazu bometsila o; elabena magblɔ nyateƒe; ke nyemele ewɔ ge o, bene amea ɖeke nagabu ŋutinye wu alesi wòkpɔam alo alesi wòsea nya le nunye


Elabena wowɔ wo katã le mia ta, bene amenuveve, si sɔ gbɔ ɖe dzi to ame geɖeawo dzi la, nana akpedada la nagba go hena Mawu ƒe kafukafu.


Migana amea ɖeke nate dziɖuɖufetu la mi o, alesi wole didim le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple mawudɔlawo ƒe subɔsubɔ me, eye wòge ɖe nusiwo mekpɔ kpɔ o la me, eye eƒe ŋutilãtamesusu ɖoe ɖe dzi glodzoo dzodzro,


elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.


Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa