Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena nyemenya naneke le ɖokuinye ŋuti o, ke menye eyata wotso afia nam o, ke Aƒetɔ lae nye amesi drɔ̃ ʋɔnum.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Togbɔ be nye dzitsinya meɖea fu nam o hã la, esia mefia kokoko be mele nye dɔ wɔm abe ale si dze ene o. Mawu ŋutɔ koe ate ŋu ana nyametsotso le nye dɔwɔna ŋu, be mewɔe nyuie alo nyemewɔe nyuie o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 4:4
24 Mawu Ofanana  

Nuka nye amegbetɔ, be yeadza, kple nyɔnu tɔ dzidzia, be yeanye ame dzɔdzɔe?


Aleke amegbetɔ ƒe nya adzɔ le Mawu gbɔ, eye nyɔnu tɔ dzidzia adze?


Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi sesie, eye nyemaɖe asi le eŋu o, nye dzi maɖo vlo nye ŋkekewo dometɔ ɖeka hã o.


Kpɔ ɖa, nyemele ɖeke me o nya ka matsɔ aɖo eŋu na wò? Maɖo asi nu.


Ne tanye dzɔ la, nye nu abu fɔm, eye ne nyemeɖi fɔ o hã la, abum bubui.


Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?


Eye megaɖrɔ̃ ʋɔnu wò dɔla o, elabena ŋkuwò me la agbagbea ɖeke menye dzɔdzɔetɔ o.


Woawo wotsɔ fia mɔnu wò dɔla hã; fetu gã le wo me lelé ɖe asi me.


Nye afɔ tsi tre ɖe teƒe gbadzaa. Makafu Yehowa le takpekpewo me.


Dziƒowo ɖe gbe ƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la.


Ŋutsu be mɔwo katã dzɔ le eŋku me; ke Yehowa ye daa dziwo kpɔna.


Ame geɖewo wɔa nu, be woadze amegã ŋu; ke Yehowa gbɔe ame ƒe afiatsotso tsona.


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Eye Paulo kpɔ ʋɔnudrɔ̃lawo dzi gã gblɔ bena. Ŋutsuwo, nɔviwo, nye la miezɔ le Mawu fe ŋku me le dzitsinya nyui blibo la katã me vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi.


Elabena menye amesiwo sea se la, wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me o, hafi boŋ woatso afia na amesiwo wɔa se la dzi.


Elabena nenye wotso afia na Abraham tso dɔwɔwɔwo me la, nane le esi, si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu gbɔ o.


Ke nye la nu via ɖe ŋutɔ ko wònye nam, ne woadrɔ̃ ʋɔnum le miawo alo amea ɖe ƒe ʋɔnudrɔ̃gbe dzi; evo la nyemedrɔ̃ ʋɔnu nye ŋutɔ ɖokuinye hã o.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa